2 Kronika 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Salomo mè nu le Gibeon. 1 Eye Salomo, Dawid vi la, li ke le eƒe fiaɖuɖu la me, Yehowa, eƒe Mawu, no kplii, eye wòwɔe gã ŋutɔ. 2 Eye Salomo ƒo nu kple Israel blibo la, ame akpawo kple ame alafawo ƒe amegãwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple Israel blibo la ƒe amegãwo katã, amesiwo nye aƒekɔwo ƒe amegãwo; 3 eye ameha blibo la kpe ɖe Salomo ŋu woyi vosaƒe le Gibeon, elabena Mawu ƒe agbadɔ, si Yehowa ƒe dɔla Mose wɔ le gbe dzi la, le afima. 4 Ke Dawid ɖatsɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Kiryat-Yearim va teƒe, si wòwɔ nɛ lã, elabena ewo agbadɔ nɛ ɖe Yerusalem. 5 Eye akɔblivɔsamlekpui, si Bezaleel, Xur vi Uri ƒe vi ɖi ɖe Yehowa ƒe nɔƒe la ŋgɔ la, le afima, eye Salomo kple ameha la wodii. 6 Eye Salomo sa numevɔ akpe ɖeka le afima le akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔa gbɔ la dzi. Salomo ƒe gbedodoɖa, eƒe nunya kple kesinɔnuwo. 7 Eye Mawu ɖe eɖokui fia Salomo le zã ma me gblɔ nɛ bena: Bia nusi mana wo! 8 Salomo ɖo ŋu na Mawu bena: Eve fofonye Dawid nu ŋutɔ, eye netsɔm ɖo fia ɖe eteƒe. 9 Azɔ Yehowa Mawu, nɔ wò nya, si negblɔ na fofonye Dawid la dzi, elabena wòe tsɔm ɖo fia ɖe dukɔ, si sɔ gbɔ abe anyigbake ene la dzi. 10 Eyata na nunya kple sidzedzem, ne mate ŋu ado adze dukɔ sia ŋgɔ, eye magagbɔ, elabena ameka ate ŋu aɖu fia ɖe dukɔ gã sia dzi? 11 Eye Mawu gblɔ na Salomo bena: Esi nusia le dzi me na wò, eye mebia ho kple kesinɔnu, bubu kple wò futɔwo ƒe ku kpakple wò agbenɔnɔ didi o, ke boŋ nebia nunya kple sidzedze, be ate ŋu aɖu fia ɖe nye dukɔ, si nu metsɔ wò ɖo fia ɖo dzi la, 12 eyata metsɔ nu nya kple sidzedze na wò, eye matsɔ ho kple kesinɔnu kpakple bu bu, siwo menɔ fia, siwo do ŋgɔ na wò si, eye womana esiwo adze yowòme si alea o la, akpe ɖe eŋu na wò. 13 Eye Salomo gbɔ tso vɔsaƒe le Gibeon kple Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ va Yerusalem, eye wòdze fiaɖuɖu gɔme ɖe Israel dzi. 14 Eye Salomo ƒo tasiaɖamwo kple sɔdolawo nu fu wole tasiaɖam akpe ɖeka kple alafa ene kple sɔdola akpe wuieve, eye wotsɔ wo ɖo tasiaɖamwo ƒe duwo me kple fia gbɔ le Yerusalem. 15 Fia la na klosalo kple sika sɔ gbɔ abe kpewo ene le Yerusalem, eye sedertiwo sɔ gbɔ abe gboti, siwo le tagba ene. 16 Woɖakplɔa sɔwo tso Egipte vɛ na Salomo; fia la ƒe asihawo yina ɖaƒlea sɔhawo kple ga. 17 Eye ne wogbɔ tso Egipte la, tasiaɖam ɖeka xɔa klosalo sekel alafa ade, eye sɔ ɖeka xɔa sekel alafa ɖeka kple blaatɔ̃. Alea wotsɔa wo yinae na Xititɔwo ƒe fiawo katã kple Aram-fiawo. 18 Eye Salomo di be, yeatu xɔ na Yehowa ƒe ŋkɔ, eye yeatu xɔ na yeƒe fiaɖuƒe la. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana