2 Fiawo 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel-fiaɖuƒe. Wòsi ami na Yehu eye wowu Yoram. Axazya kple Izebel. 1 Eye nyagblɔɖila Elisa yɔ nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Bla wò ali dzi, eye natsɔ amigoe sia ɖe asi ayi Ramot-Gilead. 2 Ne eɖo afima la akpɔ Yehu, Nimsi vi Yosafat ƒe vi, ge ɖe eme, eye nana wòatsi tre tso nɔviawo dome, eye kplɔe yi xogã me. 3 Eye natsɔ amigoe la akɔ ɖe ta me nɛ agblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia ɖe Israel dzi. Emegbe naʋu ʋɔa, eye nasi, megalala o. 4 Tete nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi la yi Ramot-Gilead. 5 Esi woge ɖe eme la, kpɔ ɖa, aʋakɔ la ƒe amegãwo ɖi anyi. Eye wògblɔ bena: Amegã, mehe gbea ɖe vɛ na wò! Yehu ɖo ŋu bena: Mí katã dometɔ kae? Eɖo ŋu bena: Amegã wòe! 6 Tete wòtsi tre heyi xɔa me, eye wòka ami la ɖe eƒe ta me gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia wò ɖe Yehowa ƒe aƒe Israel dzi. 7 Eye tsrɔ̃ wò aƒetɔ Axab ƒe aƒe la, ne mabia hlɔ̃ Izebel ɖe nye dɔla nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kple Yehowa ƒe dɔlawo katã ƒe ʋu nu. 8 Axab ƒe aƒe blibo la atsrɔ̃ gbidigbidi, eye matsrɔ̃ Axab ƒe ŋutsuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa. 9 Mawo Axab ƒe aƒe la abe Yerobeam. Nebat vi ƒe aƒe kple Baesa, Axiya vi ƒe aƒe ene. 10 Eye avũwo aɖu Izebel le Yezreel-gble me, eye amea ɖeke maɖii o. Tete woʋu ʋɔa hesi. 11 Eye esi Yehu do va eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo gbɔ la, wobiae bena: Eme nyoa? Nya ka ta aɖaʋatɔ sia va gbɔwò ɖo? Eɖo ŋu na wo bena: Mienya ŋutsu la kple eƒe nuwɔwɔ tso! 12 Ke wogblɔ bena: Aʋa tsoe, gblɔe na mí dzro! Tete wògblɔ bena: Ale kple ale wògblɔ nam enye si be: Ale Yehowa gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia wò ɖe Israel dzi. 13 Tete wowɔ kaba, eye wo dome amesiame tsɔ eƒe avɔ ɖo ete le atrakpuifɔflɔ la dzi, eye woku kpẽ gblɔ bena: Yehu zu ha! 14 Ale Yehu, Nimsi vi Yosafat ƒe vi, bia nu ɖe Yoram ŋu. Ke Yoram kple Israel blibo la wonɔ ŋudzɔ na Aram-fia Xazael le Ramot-Gilead. 15 Emegbe fia Yoram gbugbɔ yi aƒe, be woada gbe le abi, siwo Aramtɔwo de eŋu, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael la ŋu ne. Eye Yehu gblɔ bena: Ne edze mia ŋu la, ekema amea ɖeke megasi tso dua me ayi aɖagblɔe le Yezreel o. 16 Tete Yehu ɖo tasiaɖam heyi Yezreel, elabena Yoram le aba dzi le afima, eye Yuda-fia Axazya yi, be yeakpɔ Yoram ɖa. 17 Eye esi dzɔla le mɔ̃ ta me le Yezreel kpɔ Yehu ƒe amehawo gbɔna la, egblɔ be: Mekpɔ amehaa ɖe! Tete Yoram gblɔ bena: Ɖe sɔdola ɖeka ɖo ɖa, ne wòaɖakpe wo abia bena: Ŋutifafaea? 18 Eye sɔdola la do sɔ yi ɖakpee gblɔ bena: Ale fía la gblɔ esi: Ŋutifafaea? Yehu gblɔ bena: Ŋutifafanya kae tsɔ gbɔwò? Trɔ va yi megbenye! Eye dzɔla la yi ɖagblɔ bena: Dɔla la yi ɖaɖo wo gbɔ, ke megatrɔ gbɔ o. 19 Eye wòdɔ sɔdola evelia wòdo sɔ yi wo gbɔ gblɔ bena: Ale fia la gblɔ esi: Ŋutifafaea? Yehu gblɔ be: Ŋutifafanya kae tsɔ gbɔwò? Trɔ va yi megbenye! 20 Eye dzɔla la yi ɖagblɔ bena: Eyi ɖaɖo wo gbɔ, gake megatrɔ gbɔ o. Nuwɔwɔ la le abe Yehu, Nimsi vi ƒe nuwɔwɔ ene, elabena ele nu wɔm abe aɖaʋatɔ ene. 21 Tete Yoram gblɔ bena: Tsi sɔ ɖe tasiaɖam ŋu! Eye wotsii ɖe tasiaɖam ŋu, eye Israel-fia Yoram kple Yuda-fia Axazya dome amesiame ɖe eƒe tasiaɖam me, eye woyi Yehu kpe ge: eve wokpɔe Yezreeltɔ Nabot ƒe agble me. 22 Esi Yoram kpɔ Yehu la, egblɔ bena: Yehu, ŋutifafaea? Eɖo ŋu bena: Ŋutifafa ka? Esi dawo Izebel ƒe ahasiwɔwɔ kple dzosasa ta le agbɔ sɔm ɖaa ko laa? 23 Tete Yoram trɔ hesi, eye wogblɔ na Axazya bena: Axazya, nugbeɖoɖoe! 24 Ke Yehu vu ete da me, eye wote megbe na Yoram, eye aŋutrɔ la ŋɔ eƒe dzi ɖi go, eye wòmũ dze eƒe tasiaɖam me. 25 Eye wògblɔ na fia ŋu me Bidekar bena: Kɔe ƒu gbe ɖe Yezreeltɔ Nabot ƒe agble me, elabena esi mía kple eve mieɖo sɔ nɔ fofoa Axab yome la, eya Yehowa gblɔ nya sia ɖe eŋu 26 Ale Yehowa gblɔ esi Mekpɔ Nabot kple viawo ƒe ʋu etso tso! Yehowa ƒe gbe enye si; Maɖo eteƒe na wò le agble sia me. Eyata kɔe ƒu gbe ɖe agble la me le Yehowa ƒe nya la nu! 27 Ke esi Yuda-fia Axazya kpɔe la, esi to abɔ me xɔ ƒe mɔ, eye Yehu ti eyome gblɔ bena: Mité eya hã! Eye wotée ɖe tasiaɖam la me le Gur-togbɛ, si le Yibleam gbɔ la dzi, eye wòsi yi Megido heku ɖe afima. 28 Eye eƒe dɔlawo kɔe yi Yerusalem, eye woɖii ɖe eƒe yɔdo me ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me. 29 Axazya zu fia ɖe Yuda dzi le Axab vi Yoram ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. 30 Emegbe Yehu va Yezreel. Esi Izebel see la, eɖo tu ɖe ŋku, eye wòwɔ leke na eƒe ta, eye wòdo mo ɖe fesre nu. 31 Eye esi Yehu va agboa me la, tete wògblɔ be: Zimri, eƒe aƒetɔ wula doa? 32 Wòfɔ ka dzi kpo fesre nu gblɔ bena: Ameka le dzinye, amekae? Tete aƒemenuwo dzikpɔla eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre nu. 33 Eye wògblɔ bena: Mitu asii ƒu anyi! Tete wotu asii ƒu anyi, eye eƒe ʋu hlẽ ɖe gli kple sɔwo ŋu, eye wofanyae. 34 Eye esi woge ɖe eme ɖu nu no nu la, egblɔ bena: Miyi ɖakpɔ fiƒodeme sia ɖa, ne miaɖii, elabena fia vinyɔnue. 35 Ke esi woyi, be yewoaɖii la, womekpɔ eƒe afia ɖeke o, negbe eƒe takoli, afɔbaya kple asibayawo ko. 36 Eye wogbugbɔ va gblɔ̃e nɛ; tete wògblɔ be: Esia nye nya, si Yehowa gblɔ to eƒe dɔla Eliya, Tisbitɔ la dzi bena: Avũwo aɖu Izebel ƒe lã le Yezreel-gble me. 37 Eye Izebel ƒe kukua ano abe mi ene anɔ gbe me le Yezreel-gble me, ale be amea ɖeke mate ŋu agble be: Izebel enye si o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana