2 Fiawo 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Elisa kpe de Sunem-nyɔnu la du le ƒe adre dɔwuame la ŋgɔ kple megbe. 1 Eye Elisa ƒo nu kple nyɔnu, si ƒe vi wògbɔ agbee la, gblɔ bena: Mia kple aƒewòmetɔwo mitso, ne miaɖanye amedzro le afisiafi, si ke miekpɔ; elabena Yehowa le dɔwuame he ge vɛ ƒe adre, eye ele anyigba dzi xoxo. 2 Tete nyɔnu la kple eƒemetɔwo dze mɔ, eye wòwɔ, abe alesi Mawu ƒe ame gblɔ ene, eye wòɖanye amedzro le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adre. 3 Esi ƒe adrea nu yi vɔ la, nyɔnua gbugbɔ tso Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, eye wòyi, be yeaɖe kuku na fia la le eƒe aƒe kple eƒe agble ta. 4 Eye fia la le nu ƒom kple Mawu ƒe ame ƒe ɖekakpui Gexazi bena: Taflatse, gblɔ nu gã nu gã, siwo katã Elisa wɔ la nam. 5 Esi wògblɔ na fia la be, egbɔ agbe ame kuku la, kpɔ ɖa, nyɔnu, si ƒe vi wògbɔ agbee la, va ɖe kuku na fia la le eƒe aƒe kple eƒe agble ta. Tete Gexazi gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia, nyɔnu la nye esia, eye esia nye via, si Elisa gbɔ agbee la. 6 Tete fia la bia nyɔnu la woxlẽe fiae. Eye fia la ɖe aƒemenuwo dzikpɔla ɖeka kpe ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖo eƒe nuwo katã kple nuku, siwo wɔ le agblea me tso gbesigbe wòdzo le anyigba dzi vaseɖe fifi la teƒe nɛ. Aram-fia Xazael. 7 Elisa va Damasko, esime Aram-fia Ben-Hadad le dɔ lém. Eye wova gblɔ nɛ be: Mawu ƒe ame va afisia! 8 Tete fia la gblɔna Xazael bena: Tsɔ nunana ɖe asi, nayi aɖakpe Mawu ƒe ame la, eye nabia gbe Yehowa le egbɔ be: Mahaya le dɔ sia mea? 9 Eye Xazael yi ɖakpee, eye wòtsɔ nunanawo kple Damasko ƒe nu veviwo ɖe asi; wole kposɔ blane ƒe agbatsɔtsɔ. Eye wòva egbɔ gblɔ bena: Viwò, Aram-fia Ben-Hadad dɔm ɖe gbɔwò gblɔ bena: Mahaya le dɔ sia mea? 10 Elisa ɖo ŋu bena: Yi ɖagblɔ ne bena: Àhaya! Gake Yehowa ɖee fiãm bena, ele kuku ge. 11 Eye wòlé ŋku ɖe edzi gã eteƒe didi, eye Mawu ƒe ame la de asi avifafa me. 12 Tete Xazael gblɔ bena: Nukaŋuti nye aƒetɔ le avi fam? Eɖo ŋu bena: Menya nu vɔ̃ɖi, si wɔ ge nala ɖe Israel-viwo ŋu; àtɔ dzo woƒe du sesẽwo, eye atsɔ yi awu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye adze ƒo le woƒe funɔwo nu. 13 Xazael gblɔ be: Nuka wò dɔla, avũ, nye be, wòawɔ nu gã sia? Elisa gblɔ bena: Yehowa ɖee fiãm be, wòe le fia ɖu ge ɖe Aram dzi. 14 Tete wodzo le Elisa gbɔ heyi eƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòbiae bena: Nya ka Elisa gblɔ na wò? Eɖo ŋu bena: Egblɔ nam bena, èle hayahaya ge. 15 Ke esi ŋu ke la, etsɔ avɔ de tsi me hetsyɔ mo nɛ, tete woku. Eye Xazael zu fia ɖe eteƒe. Yuda-fiaɖuƒe. Yoram. 16 Eye Yoram, Yuda-fia Yosafat ƒe vi, zu fia le Israel-fia Axab ƒe vi Yoram ƒe ƒe atɔ̃lia me, le Yuda-fia Yosafat ŋɔli. 17 Exɔ ƒe blaetɔ̃ vo eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. 18 Eye wòto Israel-fia wo ƒe ʋe me, abe alesi Axab ƒe aƒe la wo ene, elabena eɖe Axab ƒe vinyɔnu, eye wòwɔ nusi enye vɔ̃ le Yehowa ŋku me. 19 Ke Yehowa mebe, yeagblẽ Yuda o, le eƒe dɔla Dawid ta, abe alesi wògblɔ nɛ be, yeana akaɖia ɖe eya kple viawo ɖaa ene. 20 Le eŋɔli Edom dze aglã ɖe Yuda ƒe dziɖuɖu ŋu, eye woɖo fia ɖe wo ɖokui nu. 21 Tete Yoram ho yi Zair, eye tasiaɖamwo katã kpe ɖe eŋu. Esi wòfa le zã me la, edze Edomtɔ, siwo ɖe to ɖe eya kple tasiaɖam-amegãwo la, eye dukɔ la si yi eƒe agbadɔ me. 22 Ale Edom dze aglã ɖe Yuda ƒe dziɖuɖu ŋu vaseɖe egbe; eye Libna hã dze aglã le ɣemaɣi. 23 Yoram ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 24 Eye Yoram mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me, eye via Axazya zu fia ɖe eteƒe. Axazya. 25 Axazya, Yuda-fia, Yoram ƒe vi, zu fia le Israel-fia Axab ƒe vi Yoram ƒe ƒe wuievelia me. 26 Axazya xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe ɖeka. Dadaa ŋkɔ nye Atalya, Israel-fia Omri fe vinyɔnu. 27 Eto Axab ƒe aƒe la ʋe me, eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe Axab fe aƒe la ene; elabena to wònye na Axab ƒe aƒe la. 28 Eye Axab vi Yoram ho aʋa yi Ramot-Gilead ɖe Aram-fia Xazael ŋu; ke Aramtɔwo si Yoram. 29 Tete fia la gbɔ va aƒe, be wòana woada gbe le abi, siwo Aramtɔwo de enu le Rama, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael la ŋu. Eye Yuda-fia, Yoram ƒe vi Axazya yi, be yeakpɔ Axab vi Yoram ɖa le Yezreel, elabena ele dɔ lém. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana