2 Fiawo 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Elisa ɖe gbe fũ ɣeyiɣi nyui, si ava Samaria le Aramtɔwo ƒe sisi megbe la. 1 Tete Elisa gblɔ bena: Se Yehowa ƒe gbe! Ale Yehowa gblɔ esi: Etsɔ wɔale siawo la wɔ memee dzidzenu ɖeka axɔ sekel ɖeka, eye lu dzidzenu eve axɔ sekel ɖeka le Samaria ƒe agbo nu. 2 Ke fia ŋu me, si ƒe alɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la, ɖo ŋu na Mawu ƒe ame gblɔ bena: Kpɔ ɖa, ne Yehowa aɖe fesre ɖe dziƒo ŋu hã la, ɖe esia ava mea? Eɖo ŋu nɛ be: Kpɔ ɖa, akpɔe kple wò ŋkuwo, ke maɖu ɖeke o! 3 Eye anyidzela ene le agboa nu, amesiwo gblɔ na wo nɔewo bena: Nukaŋuti mianɔ afisia, vaseɖe esime míaku? 4 Ne miehe, miayi dua me la ekema miaku ɖe afima, elabena dɔwuame le dua me; eye ne míetsi afisia hã, kuku ge míala. Eyata mina miayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me aɖabu aka na wo! Ne wona míetsi agbe la, ekema míetsi agbe; ne wowu mí la, ekema ɖe mieku. 5 Esi anyigba le tsyɔtsyɔm la, wodze mɔ, be yewoayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wova Aramtɔwo ƒe asaɖa ƒe mlɔenu la, kpɔ ɖa, amea ɖeke mele afima o. 6 Elabena Aƒetɔ la na Aram-aʋakɔ la se tasiaɖamwo kple sɔwo kpakple aʋakɔ gãa ɖe ŋkɔ; tete wogblɔ na wo nɔewo bena: Kpɔ ɖa, Israel-fia tsɔ aʋa Xiti-fiawo kple Egipte-fiawo ɖe mía ŋu, be woava dze mía dzi. 7 Tete wotso hesi, esime anyigba le tsyɔtsyɔm, eye wogblẽ woƒe asaɖa ɖi, abe alesi wòle ene; wogblẽ wo ƒe agbadɔwo, sɔwo kple tedziwo ɖi, eye wòsi heɖe woƒe agbe. 8 Esi anyidzelawo va asaɖa ƒe mlɔenu hege ɖe agbadɔa ɖe me la, woɖu nu no nu, eye wotsɔ klosalo kple sika kpakple awuwo le eme ɖade do. Emegbe wovi agbadɔ bubu me, eye wotsɔ nu le eme ɖade do. 9 Tete wogblɔ na wo nɔewo bena: Menye nu nyui enye esia wɔm miele o, elabena egbe enye du nyui xɔgbe. Ne míelala, vaseɖe ŋu ke la, ekema míaɖi fɔ; eyata mina míayi aɖagblɔe le fia fe me. 10 Eye woyi ɖayɔ dua ƒe agbonudzɔlawo gblɔ na wo bena: Miede Aramtɔwo ƒe asaɖa me, eye kpɔ ɖa, amea ɖeke meli o, eye amegbetɔ ƒe gbe meɖi o, ke boŋ wode ka sɔwo kple tedziwo ɖi, eye agbadɔwo li, abe alesi wole ene. 11 Woyɔ agbonudzɔlawo, eye woawo ɖagblɔe le fia ƒe me. 12 Tete fia la fɔ le zã gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Magblɔe na mi, nusi Aramtɔwo be, yewoawɔ mí. Wonyae bena, dɔ le mia wum, eyata wodzo le asaɖa la me yi ɖaɣla ɖe gbe me gblɔ bena: Ne wodo tso dua me la, ekema míalé wo agbagbe, eye míage ɖe dua me. 13 Eye eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka xɔ edzi gblɔ bena: Na woaɖe sɔ alɔ̃ tso sɔ, siwo kpɔtɔ ɖe dua me la me, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; eye na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa. 14 Tete woɖe tasiaɖam eve kple sɔwo, eye fia la dɔ wo ɖe Aramtɔwo ƒe asaɖa me gblɔ bena: Miyi ɖakpɔe ɖa! 15 Eye wodze wo yome vaseɖe kekeke Yordan nu, eye kpɔ ɖa, mɔ blibo la dziya fũ kple awuwo kple aʋawɔnuwo, siwo Aramtɔwo tsɔ ƒu gbe, esime wole sisim. Eye dɔlawo gbugbɔ va gblɔe na fia la. 16 Tete dukɔ la do go ɖaha Aramtɔwo ƒe asaɖa la, eye wɔ memee dzidzenu ɖeka xɔ sekel ɖeka ɖe Yehowa ƒe nya la nu. 17 Ke fia la ɖe fia ŋu me, si ƒe alɔ ŋu wòziɔna ɖo la, ɖo agbo la nu, eye dukɔ la fanyae ɖe agbo la nu woku, abe alesi Mawu ƒe ame la gblɔ, esime fia la va egbɔ ene! 18 Elabena esi Mawu ƒe ame la gblɔ na fia la bena, lu dzidzenu eve axɔ sekel ɖeka, eye wɔ memee dzidzenu ɖeka axɔ sekel ɖeka le Samaria ƒe agbo nu etsɔ wɔale siawo la, 19 fia ŋu me la ɖo ŋu na Mawu fe ame la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, ne Yehowa ɖe fesre ɖe dziƒo ŋu hã la, ɖe nusia ava mea? Eye wògblɔ be: Kpɔ ɖa, àkpɔe kple wò ŋkuwo, gake màɖu ɖeke o. 20 Eva me nɛ nenema, eye dukɔ la fanyae ɖe agbo la nu woku. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana