Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Fiawo 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Elisa na ahosia ɖe ƒe ami sɔ gbɔ

1 Eye nyɔnua ɖe tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo ƒe srɔ̃wo dome va gblɔ na Elisa bena: Srɔ̃nye, wo dɔla ku, eye ènyae bena, wò dɔla vɔ̃a Yehowa. Azɔ fetɔ va, be yealé vinyewo kple eve awɔ kluviwoe.

2 Elisa gblɔ ne be: Nuka mawɔ na wòa? Gblɔe nam, nuka le asiwò le aƒe me? Edo ŋu be: Naneke mele wò dɔla si le aƒe me o, negbe amigoe ɖeka ko.

3 Eye wògblɔ be: Yi gbɔdome naɖaɣe goewo le wò aƒelikawo katã si; goe gbɔlowo woanye, eye wòasɔ gbɔ.

4 Emegbe nayi xɔ me ado ʋɔ ɖe mia kple viwòŋutsuwo nu, eye naku ami la de goeawo katã me; ne ɖeka yɔ la, natee ɖe axa dzi.

5 Eye wodzo le egbɔ ɖado nɔ de eya kple viaŋutsuwo nu, woawo le goeawo tsɔm nɛ, eye wòle ekum ɖe wo me.

6 Esime goeawo yɔ vɔ la, egblɔ na viaŋutsu be: Gatsɔ goe ɖeka ɖo dem. Eɖo ŋu nɛ be: Goea ɖeke megali o. Tete ami la nu tso.

7 Tete woɖagblɔe na Mawu ƒe ame la. Eɖo ŋu nɛ be: Yi ɖadzra ami la, ne natsɔ axe ŋuwò fewoe, eve natsɔ susɔea anyi mia kple viwowoe.

8 Eva me gbe ɖeka be, Elisa yi Sunem, eye nyɔnu hotɔa ɖe le afima, amesi ƒoe ɖe enu be, wòaɖu nu kplii. Eye ne eva yina godoo la, edzea afima heɖua nu.

9 Eye nyɔnu la gblɔ na srɔ̃a bena: Kpɔ ɖa, medze sii be, Mawu ƒe ame kɔkɔea ɖe nye esia va nɔa mía gbɔ tom godoo.

10 Na míatu xɔvia de de xɔta, míatre eŋu, eye miatsɔ abati, kplɔ̃ kple ablegɔ kpakple akaɖiti ada de eme nɛ, eye ne eva mia gbɔ la, ne wòadze afima.

11 Gbe ɖeka la eva afima, eye wòdze xɔtaxɔ la me hetsi afima dɔ.

12 Eye wògblɔ na eƒe ɖekakpui Gexazi bena: Yi ɖayɔ Sunem-nyɔnu sia vɛ. Tete wòdayɔe, eve wòva tsitre de eŋku me.

13 Eve wògblɔ nɛ bena: Gblɔ na nyɔnu la be: Kpɔ da, edze agbagba siawo katã le mia ta, nuka woawɔ na wò? Nyaa de le mia kple fia la alo aʋafia domea? Edo ŋu bena: Mía detɔwo dome mele.

14 Tete wògblɔ be: Nuka gɔ̃ woawɔ ne? Gexazi ɖo ŋu be: Vi mehele esi o ɖe, eye srɔ̃a ku amegã.

15 Eye wogblɔ be: Yi ɖayɔe ɖa! Esi wòyɔe ɖa wòva tsitre ɖe ʋɔtrua nu la,

16 egblɔ bena. Le ƒe, si gbɔna ƒe wɔale siawo ɣi la, ŋutsuvi anɔ alɔto na wò. Egblɔ bena: Kpao, nye aƒetɔ, Mawu ƒe ame, megaflu wò dɔlanyɔnu o!

17 Eye nyɔnu la fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi le ɣeyiɣi, si Elisa gblɔ nɛ la dzi.

18 Esi ɖevia tsi la, eva me gbe ɖeka be, eyi fofoa gbɔ le nuŋelawo gbɔ.

19 Tete wògblɔ na fofoa be: Nye ta, nye ta! Eye wògblɔ na ɖekakpuia de be: Kɔe yi na dadaa!

20 Tete wòkɔe yi na dadaa, eye wòlée ɖe akɔ, vaseɖe esime woku le ŋdɔ me.

21 Eye wòyi ɖatsɔe mlɔ Mawu ƒe ame la ƒe aba dzi, eye wòdo go hedo nɔa de enu.

22 Eye wòyɔ srɔ̃a gblɔ be: Taflatse, ɖo ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka kple tedzinɔwo dometɔ ɖeka ɖem, ne maɖe abla ayi Mawu ƒe ame la gbɔ magbɔ.

23 Eye wògblɔ bena: Nukata nèbe, yeayi ɖo, egbe mehenye dzinu yeye alo dzudzɔgbe oa? Eɖo ŋu bena: Enyo!

24 Eye wòbia akpa na tedzinɔ la hegblɔ na eƒe ɖekakpui be: Nɔ ekpɔkplɔ dzi, eye megatɔm de afia ɖeke o, negbe ɖeko magblɔe na wò hafi.

25 Ale wòyi heva Mawu ƒe ame la gbɔ ɖe Karmel-to la dzi. Eye wòva me, esi Mawu ƒe ame kpɔe le adzɔge la, egblɔ na eƒe ɖekakpui Gexazi bena: Kpɔ Sunami-nyɔnu la enye keme ɖa.

26 Eyata ƒu du yi ɖakpee, eye gblɔ nɛ bena: Edɔa, srɔ̃wò dɔa, viwo dɔa? Edo ŋu be: Wodɔ!

27 Eye wòyi Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi helé eƒe afɔwo. Tete Gexazi va, be yeafee da; ke Mawu ƒe ame la gblɔ bena: Ɖe, asi le eŋu, elabena eƒe dzi le nu xam, gake Yehowa ɣlae ɖem, eye meɖee fiãm o.

28 Eye nyɔnu la gblɔ be: Ɖe mebia vi nye aƒetɔa? Nyemegblɔ be, megaflum oa?

29 Tete wògblɔ na Gexazi bena: Bla wò ali dzi, eye natsɔ nye atikplɔ ɖe asi ayi. Ne èdo go amea ɖe la, megado gbe nɛ o, eye ne amea ɖe do gbe na wò la, megalɔ̃ nɛ o, eye natsɔ nye atikplɔ la ada ɖe ŋutsuvi la ƒe mo.

30 Tete ŋutsuvi la dada gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa: Ne magblẽ wò ɖi fĩ! Ale wòtso hedze eyome.

31 Ke Gexazi dze wo ŋgɔ va tsɔ atikplɔ la da ɖe ŋutsuvi la ƒe mo, gake gbea ɖeke meɖi o, eye mese naneke o. Tete wògbugbɔ va kpee hetoe nɛ gblɔ bena: Ŋutsuvi la menyɔ o.

32 Eye esi Elisa va xɔa me la, kpɔ ɖa, ɖevi la ku wotsɔ mlɔ eƒe aba dzi.

33 Eye woge ɖe eme hedo ʋɔa ɖe woa kple eve la nu, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.

34 Emegbe wòde aba la dzi hetsyɔ akɔ ɖe ɖevi la dzi; etsɔ yeƒe nu ɖo eƒe nu, yeƒe ŋku ɖo eƒe ŋku dzi, eye wotsɔ yeƒe asi do eƒe asiwò me, eye wòdra ɖe edzi, vaseɖe esime dzo ɖo lã me na ɖevi la.

35 Emegbe wòtrɔ hezɔ le xɔa me yi afi zi ɖeka kple afime zi ɖeka; eye wòde aba la dzi hetsyɔ akɔ ɖe edzi. Tete ŋutsuvi la nyẽ zi adre, eye ŋutsuvi la ʋu ŋku.

36 Eye wòyɔ Gexazi gblɔ bena: Yɔ Sunami-nyɔnu sia vɛ. Esi wòɖayɔe wòva egbɔ la, egblɔ be: Kɔ viwò la.

37 Tete wòyi ɖabɔbɔ ɖe eƒe afɔ nu heɖe ta agu, eye wòkɔ via heɖo go dzo.


Elisa wɔ nu maɖumaɖua wòtrɔ zu nu ɖuɖua, eye ame geɖewo ɖui.

38 Emegbe Elisa gbugbɔ va Gilgal. Eye dɔ to le anyigba dzi, eye nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo bɔbɔ nɔ eŋku me. Tete wògblɔ na eƒe ɖekakpui bena: Ɖo ze gã dzoe, ne naɖa nu na nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viawo.

39 Tete wo dometɔ ɖeka yi gbe me, be yeada ama, eye wòkpɔ gbemekaa ɖe, eye wogbe treklɔnuwo le edzi lɔ ɖe avɔ me fũ, eye wògbɔ va flii ɖe zea me, ke womedze sii o.

40 Eye wotrɔe tsɔ ɖo ameawo kɔ me, be woaɖu. Ke esi woɖu nua ɖe la, wodo ɣli be: Mawu ƒe ame, ku le zea me! Eye womete ŋu ɖui o.

41 Tete wògblɔ be: Ekema miku wɔ vɛ. Eye wòtsɔe kɔ ɖe zea me gblɔ be: Mitrɔe ɖo ameawo kɔ me, ne woaɖu. Eye nu vɔ̃ɖia ɖeke meganɔ zea me o.

42 Eye ŋutsua ɖe tso Baal-Salisa tsɔ lubolo blave, siwo nye nuku gbãtɔwo ƒe abolo kple bli tɔtɔe ɖe kotoku me ve na Mawu ƒe ame la; ke eya gblɔ be, wòatsɔe na ameawo, ne woaɖu.

43 Eƒe dɔla ɖo ŋu be: Aleke matsɔ nusia aɖo ame alafa kɔ me? Egblɔ bena: Tsɔe na ameawo, ne woaɖu, elabena ale Yehowa gblɔ esi: Woaɖu nu wòakpɔtɔ.

44 Eye wòtsɔe ɖo wo ko me, eye woɖui wòkpɔtɔ le Yehowa ƒe nya la nu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan