Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Fiawo 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel-fiaɖuƒe. Yoram ƒe dziɖuɖu. Yoram kple Yosafat, Yuda-fia, ho aʋa ɖe Moabitɔwo ŋu.

1 Yoram, Axab vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria le Yuda-fia Yosafat ƒe ƒe wuienyilia me, eye woɖu fia ƒe wuieve.

2 Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, ke mede fofoa kple dadaa nu o, eye wòɖe Baal ƒe legba, si fofoa wɔ la ɖa.

3 Negbe Yerobeam, Nebat vi, amesi ble Israel ɖe nuvɔ̃ me la ƒe nuvɔ̃wo ŋu ko woku ɖo, eye meɖe asi le wo ŋu o.

4 Moab-fia Mesa enye lãnyila, eye wòdzɔa alẽvi akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu na Israel-fia.

5 Ke esi Axab ku la, Moab-fia dze aglã ɖe Israel-fia ŋu.

6 Tete fia Yoram ho tso Samaria gbemagbe, eye wòtia Israel blibo la xlẽ.

7 Eye wòyi ɖada ame ɖo ɖe Yuda-fia Yosafat, be wòagblɔ nɛ be: Moab-fia dze aglã ɖe ŋunye; àho aʋa kplim ɖe Moab ŋua? Eɖo ŋu bena: Mayi kpli wò, mele abe wò ene, nye dukɔ le abe wò dukɔ ene, eye nye sɔwo le abe wò sɔwo ene!

8 Egblɔ be: Mɔ ka to ge míala ayi? Eɖo ŋu bena: Míato Edom-gbedzimɔ.

9 Ale Israel-fia kple Yuda-fia kpakple Edom-fia woyi, eye wozɔ mɔ ŋkeke adre sɔŋ; ke tsia ɖeke meli na aʋakɔ la kple lã, siwo le wo ŋu la o.

10 Tete Israel-fia gblɔ bena: Alele, Yehowa yɔ fia etɔ̃ siawo, be wòatsɔ wo ade asi na Moabitɔwo.

11 Eye Yosafat gblɔ bena: Ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa ɖeke mele afisia, ne míabia gbe Yehowa ase oa? Tete Israel-fia ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ bena: Elisa, Safat vi, amesi de tsi asi na Eliya la, le afi.

12 Yosafat gblɔ bena: Yehowa ƒe gbe le esi. Eye Israel-fia kple Yosafat kpakple Edom-fia woyi.

13 Eye Elisa gblɔ na Israel-fia bena: Nya ka le mía kpli wò dome? Yi fofowò ƒe nyagblɔɖilawo kple dawo ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ! Israel-fia ɖo ŋu bena: Kpao, elabena Yehowa yɔ fia etɔ̃ siawo, be wòatsɔ wo ade asi na Moabitɔwo.

14 Elisa gblɔ be: Meta Yehowa Zebaot, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Ɖe menye Yuda-fia Yosafat ŋku mee mesi ɖa o la, anye ne nyemanyẽ kɔ ayi kpɔ wò ge gɔ̃ hã o.

15 Azɔ miyɔ kasaŋkuƒolaa ɖe ɖem! Esime kasaŋkuƒola le saŋkua ƒom la, tete Yehowa ƒe asi va edzi,

16 eye wògblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Miɖe ʋewo ɖe wo nɔewo xa le bali sia me!

17 Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Miele yaa ɖeke ŋkɔ se ge o, eye miele tsidzadzaa ɖeke kpɔ ge o, gake tsi ayɔ bali sia me fũ, eye miawo ŋutɔ kple miaƒe aʋakɔwo kpakple miaƒe lãwo miano.

18 Ke esia mesɔ gbɔ le Yehowa ŋku me o, ke boŋ atsɔ Moabitɔwo ade asi na mi,

19 eye miasi du sesẽwo katã kple du veviwo katã, mialã ati nyuiwo katã, miaxe tsidzɔƒewo katã, eye miatsɔ kpe agblẽ agble nyuiwo katãe.

20 Eye wòva me, esime ŋu ke, eye nuɖuvɔsaɣi ɖo la, tsi tso Edom-mɔ dzi va yɔ anyigba la dzi fũ.

21 Eye esi Moab blibo la se be, fiawo ho, be woawɔ aʋa kple yewo la, woƒo amewo katã nu ƒu, amesiwo bla akpa kple bubuwo siaa, eye wodze aʋa ɖe liƒo dzi.

22 Esi wòfɔ ŋdi kanya, eye ɣe klẽ ɖe tsia dzi la, Moabitɔwo kpɔ tsi la tso adzɔge wòbiã abe ʋu ene.

23 Tete wogblɔ be: ŋue! Fiawo tsrɔ̃, elabena wowu wo nɔewo. Eyata Moab, yi ɖaha nu!

24 Eye esi wova Israel ƒe asaɖa me la, Israel tso, eye wowu Moabitɔwo, eye wòsi le wo nu; ke wolũ ɖe me hewu Moabitɔwo.

25 Wogbã duwo, eye wo dome amesiame fɔ kpewo ƒu gbe ɖe agble nyuiwo katã me taŋtaŋ, woxe tsidzɔƒewo katã, eye wolã ali nyuiwo katã, negbe Xareset ƒe glimekpewo koe kpɔtɔ. Tete akafodalawo ɖe to ɖee, eye woda wo.

26 Esi Moab-fia kpɔ be, aʋa la wu akɔ na ye la, eɖe ŋutsu alafa adre, siwo dia yi la, kpe ɖe eɖokui ŋu, be yeadze ameawo ayi Edom-fia gbɔ, ke mete ŋui o.

27 Tete wòlé eya ŋutɔ ƒe ŋgɔgbeviŋutsu, si le fia du ge ɖe eyome la, sa vɔe le glia dzi. Tete dɔmedzoe gãa ɖe va Israel dzi, eye wodzo le egbɔ hetrɔ yi woƒe anyigba dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan