2 Fiawo 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Fia Manase. 1 Manase xɔ ƒe wuieve, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔ nye Xefziba. 2 Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu. 3 Egagbugbɔ nuxeƒe, siwo fofoa Xizkiya gbã la tu, eɖi vɔsamlekpuiwo na Baal, eye wòwɔ Asera, abe alesi Israel-fia Axab wɔ ene, eye wòde ta agu na dziƒonuwo katã hesubɔ wo. 4 Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le be, yeatsɔ yeƒe ŋkɔ aɖo Yerusalem la me. 5 Eye wòɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒonuwo katã ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnuwo kple eve. 6 Ena viawo to dzo me, eye wosa dzo, eka afã, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ. 7 Eye wòtsɔ Asera ƒe legba, si wòwɔ la, ɖo aƒe la me, aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le na Dawid kple via Salomo be: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo aƒe sia me kple Yerusalem, si metia le Israel-toawo katã me la tegbee. 8 Eye nyemena Israel ƒe afɔ nage le anyigba, si metsɔ na wo fofowo la dzi o, nenye be, wòlé se, siwo katã mede na wo kple se, siwo katã nye dɔla Mose de na wo la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko 9 Ke womeɖo to o, eye Manase ble wo wowɔ nu vɔ̃ɖi wu dukɔ, siwo Yehowa tsrɔ̃ ɖa le Israel-viwo ŋgɔ 10 Eye Yehowa ƒo nu to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo dzi gblɔ bena: 11 Esi Yuda-fia Manase wɔ ŋunyɔnu sia, eye wòwɔ nu gbegblẽ wu nusiwo katã Amoritɔwo wɔ le eŋgɔ, eye wòtsɔ eƒe legbawo ble Yuda hã de nuvɔ̃ me la, 12 eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yerusalem kple Yuda dzi, ale be amesiwo katã asee la, ƒe towo kple eve me laɖi yeŋ. 13 Matsi Samaria ƒe ka kple Axab ƒe aƒe la ƒe kpe ɖe Yerusalem dzi, eye matutu Yerusalem, abe alesi wotutua agba me tsɔna tsyɔ anyi ene. 14 Mate nye domenyinu ƒe susɔea ɖa, eye matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo woanye aboyonu kple nuxaxa na woƒe futɔwo katã. 15 Elabena wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wodo dziku nam tso gbesigbe wo fofowo ʋu tso Egipte vaseɖe egbe. 16 Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ hã ɖi, vaseɖe esime wona Yerusalem yɔ tso go ɖeka me vaseɖe go keme me hekpe ɖe eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Yuda wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me la ŋuti. 17 Manase ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ kpakple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 18 Eye Manase mia fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe eƒe aƒe ƒe abɔ, si nye Uza ƒe abɔ la me, eye via Amon zu fia ɖe eteƒe. Fia Amon. 19 Amon xa ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe eve le Yerusalem. Dadaa ŋkunye Mesulemet, Xaruz ƒe vinyɔnu tso Yotba. 20 Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase wo ene. 21 Eto mɔ, si fofoa to la pɛpɛpɛ, eye wòsubɔ legba, siwo fofoa subɔ hede ta agu na wo. 22 Egblẽ Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la ɖi, eye meto Yehowa ƒe mɔwo o. 23 Eye Amon ƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wowu fia la le eƒe xɔ me. 24 Tete dukɔ hahoo la wu amesiwo katã ɖo nugbe ɖe fia Amon ŋu la, eye dukɔ hahoo la tso via Yosiya ɖo fia ɖe eteƒe. 25 Amon ŋutinya susɔea kple nusiwo wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 26 Eye woɖii ɖe eƒe yɔdo me ɖe Uza abɔ me, eye via Yosiya zu fia ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana