2 Fiawo 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Eliya yi dziƒo. 1 Esime Yehowa le Eliya kɔ ge ato ahom me ayi dziƒoe la, Eliya kple Elisa wotso le Gilgal. 2 Ke Eliya gblɔ na Elisa bena: Tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖo ɖe Betel. Elisa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fi! Eye woyi Betel. 3 Tete nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi, siwo le Betel la, va Elisa gbɔ gblɔ nɛ bena: Enyae be, Yehowa le wò aƒetɔ kɔ ge agbɔ tawo ayii egbea? Eɖo ŋu bena: Nye hã menyae, mizi ɖoɖoe. 4 Eye Eliya gblɔ nɛ bena: Elisa, taflatse, tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖe Yerixo Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe. Ne magblẽ wò ɖi fi! Eye wova Yerixo. 5 Tete nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi, siwo le Yerixo la, te ɖe Elisa ŋu gblɔ nɛ bena: Enyae be. Yehowa le wò aƒetɔ kɔ ge agbɔ tawò ayii egbea? Eɖo ŋu bena Nye hã menyae, mizi ɖoɖoe. 6 Eye Eliya gblɔ nɛ bena: Taflatse, tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖe Yordan nu. Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fĩ! Eye woa kple eve la woyi. 7 Eye nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo dome ame blaatɔ̃ yi ɖatsi tre ɖe wo kasa le adzɔge; ke wo kple eve la wovi Yordan nu. 8 Tete Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, eye wòŋlɔe tsɔ ƒo tsi la dzi wòmã ɖe akpa eve, eye woa kple eve la woto ƒuƒuiƒe ɖi go. 9 Esime woɖi go la, Eliya gblɔ na Elisa bena: Bia nusi mawɔ na wò, hafi woatsɔm adzoe le gbɔwò. Elisa gblɔ bena: Taflatse, maxɔ wò gbɔgbɔ ƒe akpa eve nu. 10 Eɖo ŋu bena Ebia nu sesẽ. Ne èkpɔ be, wotsɔm dzoe le gbɔwò la, ekema ava me na wò; ke ne mele alea o la, ekema mava me o. 11 Esime wogale nu ƒom le yiyim la, kpɔ ɖa, dzotasiaɖam kple dzosɔwo va klã woa kple eve la dome, eye Eliya to ahom me yi dziƒo. 12 Ke esi Elisa kpɔe la, edo ɣli be: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo! Eye megakpɔe o. Tete wòlé eƒe awuwo hedze wo ɖe akpa eve me. 13 Eye wòtsɔ Eliya ƒe awu ʋlaya, si ge le eŋu la, eye wògbugbɔ va Yordan nu. 14 Tete wòtsɔ Eliya ƒe awu ʋlaya, si ge le eŋu la, ƒo tsi la dzi hegblɔ bena: Afika Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le? Eya hã ƒo tsi la dzi, eye wòmã ɖe akpa eve; eye Elisa ɖi go ɖe egodo. 15 Esi nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi, siwo le Yerixo, kpoe le adzɔge la, wogblɔ be: Eliya ƒe gbɔgbɔ le Elisa dzi. Eye woyi ɖakpee hede ta agu nɛ. 16 Eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu kalẽtɔ blaatɔ̃ le wò dɔlawo dome, na wòayi ɖadi wò aƒetɔ, ɖewohĩ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ tsɔe yi ɖaxlã ɖe toawo dometɔ ɖeka dzi alo baliawo dometɔ ɖeka me. Ke eɖo ŋu bena: Migadɔ ame ɖa o! 17 Eye woƒoe ɖe enu, vaseɖe esime nya la wui, eye wògblɔ bena: Midɔ ame ɖa! Tete wodɔ ŋutsu blaatɔ̃ ɖa woɖadii ŋkeke etɔ̃, ke womekpɔe o. 18 Eye wogbugbɔ va egbɔ, esime wòle Yerixo; ke egblɔ na wo bena: Nyemegblɔ na mi bena, migayi oa? Elisa na tsi manyomanyo trɔ zu tsi nyui le Yerixo, eye woƒo fi de ŋutsuviwo le Betel. 19 Eye duametɔwo gblɔ na Elisa bena: Kpɔ ɖa, du la le teƒe nyui, abe alesi nye aƒetɔ le ekpɔmee ene; ke tsi la menyo o, eye anyigba la na be, fu le gegem le ame ŋu. 20 Tete wògblɔ be: Mitsɔ agba yeye vɛ nam, eye miɖe dze kɔ ɖe eme! Eye wotsɔe vɛ nɛ. 21 Tete wòdo yi tsi la dzɔ ƒe hetsɔ dze la kɔ de eme gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meyɔ dɔ tsi sia, eye magahe ku kple fugege vɛ azɔ o. 22 Eye tsi la trɔ vaseɖe egbe le Elisa ƒe nya, si wògblɔ la nu. 23 Eye wòdzo tso afima heyi Betel. Esi wòle mɔ dzi le to liam la, ŋutsuvi suea ɖewo ɖo tso dua me, eye wole alɔme ɖem le eŋu le gbɔgblɔm bena: Tabebetɔ, lia va, tabebetɔ, lia va! 24 Eye esi wònyè kɔ kpɔ wo la, eƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me; tete sisiblisi eve do tso ave me va vuvu ɖevi blane vɔ eve le wo dome. 25 Eye wòdzo tso afima yi Karmel-to la dzi, eye wòtrɔ tso afima heva Samaria. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana