Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Fiawo 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Fia Axaz.

1 Le Pekax, Remalya vi ƒe ƒe wuiadrelia me la Axaz, Yuda-fia Yotam ƒe vi, zu fia.

2 Axaz xɔ ƒe blave, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Mewu nusi dze Yehowa, eƒe Mawu la ŋu abe fofoa Dawid ene o,

3 ke boŋ eto Israel-fiawo ƒe ʋe me; gɔglɔ̃gɔ la ena viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.

4 Esa vɔ, eye wòdo dzudzɔ le nuxeƒewo, togbɛwo dzi kple ati damawo katã te.

5 Ɣemaɣi Aram-fia Rezin kple Israel-fia Pekax, Remalya vi, woho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, eye woɖe to ɖe Axaz, ke womete ŋu wɔ aʋa kplii o.

6 Ɣemaɣi Aram-fia Rezin gaxɔ Elat na Edomtɔwo, eye wonyã Yudatɔwo tso Elat, eye Edomtɔwo va Elat henɔ afima vaseɖe egbe.

7 Tete Axaz dɔ ame ɖo ɖe Asur-fia Tiglat-Pileser, ne woagblɔ nɛ bena: Wò dɔla kple viwò menye, va, ne naɖem tso Aram-fia kple Israel-fia, amesiwo tso ɖe ŋunye la si me.

8 Eye Axaz tso klosalo kple sika, si le Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe fe nudzraɖoƒe la, wo nunanae ɖo ɖe Asur-fia.

9 Asur-fia ɖo toe, eye Asur-fia ho va Damasko hexɔe, eye wòkplɔ wo yi Kir, eve wowu Rezin.

10 Tete fia Axaz yi, be yeakpe Asur-fia Tiglat-Pileser le Damasko. Esi fia Axaz kpo vɔsamlekpui, si le Damasko la, eɖo eƒe nɔnɔme ɖe nunɔla Uriya, eye wotae, abe alesi wowɔe pɛpɛpɛ ene.

11 Eye nunɔla Uriya ɖi vɔsamlekpui la; alesi fia Axaz ɖoe ɖa tso Damasko la, nenema pɛpɛpɛ nunɔla Uriya wɔe, hafi fia Axaz gbɔ tso Damasko.

12 Esi ha la gbɔ tso Damasko, eye wòkpɔ vɔsamlekpuia la, ede vɔsamlekpui la dzi, eye wòsa vɔ le edzi.

13 Etɔ dzo eƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsawo le edzi, eye wòkɔ eƒe nunovɔsawo ɖe edzi, eye wohlẽ eƒe akpedavɔsa ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la dzi.

14 Ke ete akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me le xɔa ŋgɔdze la ɖa, be maganɔ vɔsamlekpui; la kple Yehowa ƒe xɔ la domee o, eye wòtsɔe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axa dzi le anyiehe gome.

15 Eye fia Axaz de se na nunɔla Uriya gblɔ bena: Sa ŋdinumevɔ kple fiẽnuɖuvɔ kple fia ƒe numevɔ kple eƒe nuɖuvɔ kpakple dukɔ hahoo la katã ƒe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple woƒe nunovɔwo le vɔsamlekpui gã la dzi, eye hlẽ woƒe numevɔsa kple akpedavɔsa ƒe nuwo katã ɖe edzi. Ke akɔblivɔsamlekpui la nena anyi, mana eŋuti bum kpɔ.

16 Eye nunɔla Uriya wo pɛpɛpɛ, abe alesi fia la de se ene.

17 Fia Axaz gbã anyinɔawo kɔgo, eye wòɖe zeawo ɖa le wo dzi, eɖe gazɔ, si le akɔblinyiawo dzi la, ɖe anyi hetsɔe ɖo kpewo dzi.

18 Eye wòɖe dzudzɔgbekpata, si wotu ɖe xɔ la ŋu, kple fia ƒe toƒe, si le gota gome la ɖa le Yehowa ƒe xɔ la ŋu le Asur-fia ta.

19 Axaz ŋutinya susɔea kple nusiwo wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

20 Eye Axaz mia fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ ɖe Dawid ƒe du la me, eye via Xizkiya zu fia ɖe eteƒe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan