2 Fiawo 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel-fiaɖuƒe. Yoaxaz. 1 Le Yuda-fia Axazya ƒe vi Yoas ƒe ƒe blave vɔ etɔ̃lia me la Yehu ƒe vi Yoaxaz zu fia de Israel dzi le Samaria ƒe wuiadre. 2 Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye wòwɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me, eye meɖe asi le eŋu o. 3 Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo de asi na Aram-fia Xazael kple Xazael vi Ben-Hadad ŋkekeawo katã. 4 Eye Yoaxaz ƒo koko na Yehowa, eye Yehowa ɖo toe, elabena ekpɔ alesi Aram-fia te Israel ɖe anyii. 5 Tete Yehowa ɖo xɔnametɔa ɖe na Israel, eye woge le Aramtɔwo si me, eye Israel-viwo nɔ woƒe agbadɔwo me abe tsã ene. 6 Ɖeko womeɖe asi le Yerobeam ƒe aƒe la ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o; ke boŋ wowɔ wo, eye Aserawo hã tsi Samaria. 7 Elabena Yoaxaz ƒe aʋakɔ, si ko kpɔtɔ di nɛ la, le sɔdola blaatɔ̃, tasiaɖam ewo kple afɔzɔla akpe ewo; elabena Aram-fia tsrɔ̃ wo, eye wòwɔ wo abe ke, si wofanya kple afɔ ene. 8 Yoaxaz ŋutinya susɔeawo, nusiwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo la, woŋlɔ wo de Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 9 Eye Yoaxaz mlɔ fofoawo gbɔ, eye wodi ɖe Samaria, eye via Yoas zu fia de eteƒe. Yoas 10 Le Yuda-fia Yoas ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ adrelia me la Yoaxaz ƒe vi Yoas zu fia ɖe Israel dzi le Samaria ƒe wuiade. 11 Ewo nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam. Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o, ke boŋ ewɔ wo. 12 Yoas ŋutinya susɔeawo, nusiwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo kpakple aʋa, si wòwɔ kple Yuda-fia Amazya la, woŋlɔ wo de Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 13 Eye Yoas mlɔ fofoawo gbɔ, eye Yerobeam bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui la dzi, eye woɖi Yoas ɖe Israel-fiawo gbɔ le Samaria. Elisa gblɔ nya ɖi kuha dzi. Eƒe kukua fɔ ame kukua ɖe ɖe tsitre. 14 Ɣemaɣi do, si me Elisa alo aku la, dze edzi. Tete Israel-fia Yoas yi egbɔ, eye wòfa avi le egbɔ gblɔ bena: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo! 15 Eye Elisa gblɔ nɛ bena: Yi ɖatsɔ dati kple aŋutrɔ vɛ! Esi wòyi ɖatsɔ dati kple aŋutrɔ vɛ nɛ la, 16 egblɔ na Israel-fia bena: Tso wò asi ɖo dati la dzi! Esi wòɖo eƒe asi edzi la, Elisa tso eƒe asi ɖo fia la ƒe asi dzi 17 gblɔ bena: ʋu fesre, si ɖo ta ɣedzeƒe gome! Eye wòʋui. Eye Elisa gblɔ be: Da aŋutrɔ la! Tete wòdae. Eye wògblɔ bena: Dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ tso Yehowa gbɔ kple Aram-tɔwo dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ! Asi Aramtɔwo le Afek, vaseɖe esime woatsrɔ̃. 18 Eye wògblɔ bena: Fɔ aŋutrɔawo! Esi wòfɔe la, egblɔ na Israel-fia la bena: Tsɔ wo ƒo anyigbae! Eye wòƒoe zi etɔ̃ ko tasi. 19 Tete Mawu ƒe ame do dɔmedzoe ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖe wònye zi atɔ̃ alo zi aɖe nèƒoe la, eya ko hafi nasi Aramtɔwo, vaseɖe esime woatsrɔ̃; ke azɔ la zi etɔ̃ ko nasi Aramtɔwo. 20 Emegbe Elisa ku, eye woɖii. Esi ƒe trɔ la, Moabitɔwo ƒe adzohawo va anyigba la dzi. 21 Eye wòva me, esime wole ŋutsua ɖe ɖim, eye wokpɔ adzohawo la, wotsɔ ŋutsu la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Ke esi ŋutsu la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu la, egbɔ agbe, eye wòtso ɖe eƒe afɔwo dzi. 22 Ke Aram-fia Xazael te Israel ɖe anyi le Yoaxaz ƒe agbe me ŋkekewo katã me. 23 Gake Yehowa ve wo nu, ekpɔ woƒe nublanui, eye wòtrɔ ɖe wo ŋu le nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la ta, eye meɖi be, yeagblẽ wo o, eye meɖe woɖa le eƒe ŋkuta o vaseɖe fifi. 24 Esi Aram-fia Xazael ku, eye via Ben-Hadad zu fia ɖe eteƒe la, 25 tete Yoaxaz vi Yoas gaxɔ du, siwo Xazael xɔ le fofoa Yoaxaz si le aʋa me la, le via Ben-Hadad si. Zi etɔ̃ Yoas sii, eye wògaxɔ Israel-duwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana