2 Fiawo 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Fia Yoas. Gbedoxɔ dzadzraɖo. 1 Yoas xɔ ƒe adre, esime wòzu fia. 2 Le Yehu ƒe ƒe adrelia me Yoas zu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe blane. Dadaa ŋkɔ nye Zibya tso Beer-Seba. 3 Eye Yoas wɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena nunɔla Yehoyada fia nui. 4 Negbe nuxeƒewo ko womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo. 5 Eye Yoas gblɔ na nunɔlawo bena: Klosalo, siwo katã ŋu wokɔ, eye wotsɔ va Yehowa ƒe mee, amesiwo wotia xlẽ ƒe klosalowo, amesiwo wodo asi na ƒe klosalowo kple klosalo, siwo katã amea ɖe na le eɖokui si hetsɔ va Yehowa ƒe mee la, 6 nunɔlawo naxɔe, amesiame naxɔe le ehavi si, ne woatsɔe aɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo afisiafi, si wonyã kpɔ wògbã ko. 7 Ke le fia Yoas ƒe ƒe blave vɔ etɔ̃lia me la nunɔlawo mekpɔ ɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo haɖe o. 8 Tete fia Yoas yɔ nunɔla Yehoyada kple nunɔla bubuwo gblɔ na wo bena: Nukaŋuti mieɖo xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo oa? Azɔ migaxɔ gãa ɖeke le mia haviwo si o, ke boŋ mitsɔe ɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo. 9 Eye nunɔlawo lɔ̃ edzi be, yewomegale ga xa ge le dukɔ la si o, eye yewomaɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo hã ɖo o. 10 Tete nunɔla Yehoyada tsɔ aɖakaa ɖe, eye wòŋɔ do ɖe nutuvia ŋu, eye wòtsɔe ɖe vɔsamlekpui la xa le ɖusi me gome. Ne amea ɖe va Yehowa ƒe me la, ekema nunɔla, siwo le kpumu dzɔm la, tsɔ ga, siwo katã wotsɔ va Yehowa ƒe mee la, kɔna ɖe eme. 11 Ne wokpɔ be, ga, si le aɖaka la me, sɔ gbɔ la, ekema fia la ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã vana, eye woblaa ga, si le Yehowa ƒe me la, hexlẽna. 12 Emegbe wotsɔ ga, si woxlẽ la, na Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ nunɔlawo, eye wotsɔe na atikpalawo kple xɔtulawo, amesiwo le dɔ wɔm le Yehowa ƒe aƒe la nu 13 kple gliɖolawo kple kpefulawo, eye wotsɔe ƒle atiwo kple kpewo, ne woatsɔ aɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖo, kple nusiwo katã wohiã le xɔ la ɖɔɖɔɖo me. 14 Ke wometsɔ ga, si wotsɔ va Yehowa ƒe mee la, wɔ klosalogbawo, hɛwo, ʋutrewo kple kpẽwo, sikanuwo kple klosalonuwo dometɔa ɖeke hena Yehowa ƒe aƒe la o; 15 ke boŋ wotsɔ wo na dɔnunɔlawo be woatsɔ aɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖoe. 16 Eye womebu akɔnta kple amesiwo si wode ga lae, be woatsɔ na dɔnunɔlawo o, elabena wo wɔe le anukware me. 17 Ke wometsɔ ga, si woxe ɖe dzidada kple nuvɔ̃wo ta la, va Yehowa ƒe me o; nunɔla wo tɔ wònye. Xazael ho aʋa yi Yerusalem. Wowu Yoas. 18 Ɣemaɣi Aram-fia Xazael ho va wɔ aʋa kple Gat, eye wòxɔe, eye Xazael ɖo be, yeaho ɖe Yerusalem ŋuti. 19 Tete Yuda-fia Yoas tsɔ nusiwo katã ŋu fofoa, Yuda-fiawo: Yosafat, Yoram kple Axazya kɔ, kple nusiwo ŋu eya ŋutɔ kɔ kpakple sika, siwo katã le Yehowa ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe la, ɖo ɖe Aram-fia Xazael, eye wòdzo le Yerusalem ŋu. 20 Yoas ŋutinya susɔeawo, kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 21 Eye eƒe dɔlawo tso ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wowu Yoas le Milo ƒe aƒe, si le Silo gome la me. 22 Eƒe dɔlawo Yozaxar, Simeat vi, kple Yozabad, Somer vi, wonye amesiwo wui, eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ le Dawid ƒe du la me; eye via Amazya zu fia ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana