2 Fiawo 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yuda-fiaɖuƒe: Atalya ƒe ŋutisesẽ. Yoas zu fia, eye wowu Atalya. 1 Esi Atalya. Axazya dada, kpɔ be, via ku la, etso, eye wowu fia ƒome blibo la. 2 Tete fia Yoram nɔvinyɔnu Yoseba, amesi nye Axazya nɔvinyɔnu, fi Axazya ƒe viŋutsu Yoas le fiavi, siwo wu ge wòala la dome, eye wotsɔ eya kple eƒe nonala yi ɖaɣla ɖe Atalya ɖe abaxɔ me, eye womaɖui o. 3 Eɣla ɖe egbɔ le Yehowa ƒe me ƒe ade. Eye Atalya ɖu anyigba la dzi. 4 Ke le ƒe adrelia me la Yehoyada do woɖayɔ bia towo kple fia ŋu asrafowo ƒe ame alafawo ƒe amegãwo vɛ, eye wòkplɔ wo yi Yehowa ƒe me hebla nu kpli wo, eye wòna woka atam nɛ le Yehowa ƒe me, eye wòfiã fiavi la wo. 5 Eye wòde se na wo gblɔ bena: Nusi miawɔ enye si: Mi amesiwo le dɔ me do ge le dzudzɔgbe dzi la ƒe akpa etɔ̃liawo ɖeka nadzɔ fia ƒe aƒe la ŋu; 6 akpa etɔ̃liawo ɖeka nanɔ agbo Sur me, eye akpa etɔ̃liawo ɖeka nanɔ fia ŋu asrafowo yome le agbo la me, eye midzɔ aƒe la ŋu le ɖoɖo me. 7 Eye mia dometɔ, siwo katã do le dɔ me le dzudzɔgbe dzi la, ƒe akpa eve nadzɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋu le fia la ta. 8 Miƒo xlã fia la godoo va kpe, eye amesiame nalé aʋawɔnu ɖe asi; amesi be, yeadze mi la, naku; eye minɔ fia la gbɔ, ne eɖo, alo wògbɔ. 9 Tete ame alafawo ƒe amegãwo wɔ pɛpɛpɛ, abe alesi nunɔla Yehoyada de se ene, eye wo dome amesiame ɖe eƒe amewo, amesiwo ɖo dɔ me le dzudzɔgbe dzi kple amesiwo do le dɔ me le dzudzɔgbe dzi siaa, eye wova nunɔla Yehoyada gbɔ. 10 Eye nunɔla la tsɔ fia Dawid ƒe akplɔ kple akpoxɔnu, siwo le Yehowa ƒe me la, na ame alafa ƒe amegãwo. 11 Eye fia ŋu asrafowo dome amesiame lé eƒe aʋawɔnu ɖe asi tso xɔ la ƒe ɖusi me gome vaseɖe xɔ la ƒe mia me gome kpakple vɔsamlekpui kple xɔ la ŋgɔ. 12 Tete wòkplɔ fiavi la do goe hetsɔ fiakuku la ɖɔ ne, eye wotsɔ se la de asi nɛ, eye wòɖoe fia hesi ami nɛ; tete woƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe! 13 Ke esi Atalya se fia ŋu asrafowo kple dukɔ la ƒe ɣli la, eyi ɖe dukɔ la gbɔ le Yehowa ƒe me. 14 Esi wòkpɔ bena, fia la tsi tre ɖe kɔkɔƒe, abe alesi wònye kɔnu ene, amegãwo kple kpẽkulawo ƒo xlã fia la, esi dukɔ hahoo la le dzidzɔ kpɔm hele kpẽ kum la, Atalya dze eƒe awuwo gblɔ bena: Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe! 15 Tete nunɔla Yehoyada de se na ame alafawo ƒe amegãwo, siwo nye aʋakɔ la ƒe kplɔlawo gblɔ na wo bena: Mikplɔe to amea wo dome, eye ne amea ɖe dze eyome la, mi wui kple yi! Elabena nunɔla la gblɔ be, womawui ɖe Yehowa ƒe aƒe la me o. 16 Esi wolée, eye wova ɖo afisi sɔwo tona yia fia ƒe me la, wowui ɖe afima. 17 Eye Yehoyada ɖo nubabla Yehowa, fia la kple dukɔ la kpakple fia la kple dukɔ la dome, be woanye Yehowa ƒe dukɔ. 18 Tete dukɔ hahoo la katã ge ɖe Baal ƒe me, womũ eƒe vɔsamlekpuiwo, eye wogbã eƒe legbawo gudugudu, eye wowu Baal ƒe nunɔla Matan ɖe vɔsamlekpuiawo ŋgɔ. Eye nunɔla la ɖe dzɔlawo ɖo Yehowa ƒe aƒea ŋu. 19 Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fia ŋu asrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe me heto fia ŋu asrafowo ƒe agbonumɔ yi ɖe fia ƒe me, eye wòbɔbɔ nɔ fiawo ƒe fiazikpui la dzi. 20 Dukɔ hahoo la katã kpɔ dzidzɔ, eye du la me fa. Ke woatsɔ yi wu Atalya ɖe fia ƒe aƒe me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana