Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Fiawo 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yehu gblẽ Axab ƒe aƒe, eye wòdze xɔlɔ̃ Yonadab.

1 Ŋutsuvi blaadre le Axab si le Samaria. Eye Yehu ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Israel-amegãwo, ame tsitsiwo kple Axab viwo dzikpɔlawo le Samaria bena:

2 Azɔ, ne agbalẽ sia ɖo mia gbɔ̃ la, — miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo, tasiaɖamwo kple sɔwo, du sesẽwo kple aʋawɔnuwo le mia gbɔ tso —

3 ekema mitia miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo dome nyuitɔ kple zãzɛtɔ ɖo fofoa ƒe fiazikpui dzi, eye miwo aʋa ɖe miaƒe aƒetɔ ƒe aƒe la nu.

4 Tete vɔvɔ̃ ɖo wo vevie ŋutɔ wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, fia eve mete ŋu na te ɖe enu o, aleke miawo míate ŋu ana te?

5 Tete amesi le aƒea nu kple amesi le dua nu kple ame tsitsiwo kpakple ɖeviawo dzikpɔlawo ɖo ame ɖo ɖe Yehu, ne woagblɔ nɛ bena: Wò dolawo míenye, eye nusianu, si nagblɔ na mi la, míawɔe; miele amea ɖeke tso ge aɖo fiae o; wo nusianu, si dze ŋuwò!

6 Eye wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe wo zi evelia bena: Ne míenye tanye, eye miebe, yewoaɖo to nye gbe la, ekema mitsɔ miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo ƒe tawo va gbɔnye le Yezreel etsɔ wòalé siawo! Fia viŋutsuawo le ame blaadre, eye wonyi wo le dua me bubumewo gbɔ.

7 Esime agbalẽ la ɖo wo gbɔ la, wolé fiavi blaadreawo wu, eye wotsɔ woƒe tawo de kusiwo me ɖo ɖee le Yezreel.

8 Eye dɔlaa ɖe va toe nɛ gblɔ bena: Wotsɔ fiaviawo ƒe tawo vɛ. Egblɔ bena: Mitsɔ wo li kɔ eve ɖe agboa nu, vaseɖe ŋu nake!

9 Esi ŋu ke la, edo yi ɖatsi tre hegblɔ na dukɔ blibo la bena: Míenye ame dzɔdzɔewo! Kpɔ ɖa, mebia nu ɖe nye aƒetɔ ŋu, eye mewui; ke ameka wu amesiawo katã?

10 Midze sii bena, nyaa ɖeke meto le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Axab ƒe aƒe ŋu la me o, eye Yehowa wɔ nusi wògblɔ to eƒe dɔla Eliya dzi ta.

11 Eye Yehu wu amesiwo katã kpɔtɔ ɖe Axab ƒe me le Yezreel, eƒe amegãwo katã, xɔlɔ̃awo kple eƒe nunɔlawo, vaseɖe esime amea ɖeke mekpɔtɔ si o.

12 Emegbe wodzo yina Samaria. Esi Yehu va ɖo alẽkplɔviwo ƒe takpexɔ gbɔ le mɔ to la,

13 eɖo go Yuda-fia Axazya nɔviŋutsuwo, eye wòbia bena: Amehawo míenye? Woɖo ŋu bena: Axazya nɔviŋutsuwo mienye, eye mieyina, be míado gbe na fia viŋutsuwo kple fiasrɔ̃ ƒe viŋutsuwo.

14 Tete wògblɔ be: Milé wo agbagbe! Eye wòlé wo agbagbe hewu wo ɖe takpexɔ la ƒe do me; wole ŋutsu blane vɔ eve, eye mena wo dometɔa ɖeke si o.

15 Eye wodzo tso afima heva ɖo go Rexab vi Yonadab, amesi va ekpe ge. Tete wòdo gbe nɛ biae bena: Wò dzi me kɔ, abe alesi nye dzi le ɖe wo dzi ŋu enea? Yonadab ɖo ŋu bena: Ele nenema! Yehu be: Ne ele nenema la, ekema na asim kpɔ! Eye wòna asii. Tete wòna wòɖo egbɔ le tasiaɖam la me,

16 eye wogblɔ bena: Va miyi, ne nakpɔ, alesi mele ŋu nam ɖe Yehowa nui eye wòna woɖo eƒe tasiaɖam la.

17 Eye wòyi Samaria ɖawu Axab ƒe amesiwo katã kpɔtɔ ɖe Samaria la, vaseɖe esime wotsrɔ̃ wo vɔ, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ na Eliya la nu.


Yehu tsrɔ̃ Baal-subɔsubɔ; gake meɖe legba subɔsubɔ ŋutɔ ɖa o.

18 Tete Yehu ƒo dukɔ blibo la nu ƒu gblɔ na wo bena. Axab mesubɔ Baal wòde edeƒe o, Yehu asubɔe ɖe edzi awu.

19 Eyata miyɔ Baal fe nyagblɔɖilawo katã kple esubɔlawo katã kpakple eƒe nunɔlawo katã ɖem, amea ɖeke megatsi anyi o, elabena mele vɔsaŋkeke gãa ɖe ɖu ge na Baal. Amesi ke tsi anyi la, maganɔ agbe o! Ke ŋɔdzomenue Yehu wɔ, be woatsrɔ̃ Baal-subɔlawo.

20 Eye Yehu gblɔ bena: Miwo ŋkekenyuie ƒe takpekpe la kokoe na Baal! Tete woɖe gbe ƒã.

21 Eye Yehu dɔ ame ɖo ɖe Israel blibo la, eye Baal-subɔlawo katã wova, amea ɖeke metsi anyi si meva o; woyi ɖe Baal ƒe xɔ la me, eye Baal ƒe xɔ la yɔ tratratra tso go ɖeka me vaseɖe go keme me.

22 Eye wògblɔ na awudzikpɔla bena: Ɖe awuwo do goe na Baal-subɔlawo katã! Tete woɖe awuawo do goe na wo.

23 Azɔ Yehu kple Yonadab, Rexab vi, wova Baal ƒe xɔ la mɔ, eye wògblɔ na Baal-subɔlawo bena: Midzro eme, ne míakpɔ be. Yehowa ƒe subɔlawo dometɔa ɖeke maganɔ mia dome afisia o, negbe Baal-subɔlawo ɖeɖeko.

24 Ke esi wova akpedavɔ kple numevɔ sa ge la, Yehu ɖe ame blanyi ɖo xexe gblɔ bena: Ne amesiwo mede asi na mi la, dometɔa ɖe si la, ekema agbe anɔ agbe teƒe.

25 Esime wowu numevɔsa nu la, Yehu gblɔ na fia ŋu asrafowo kple fia ŋu amewo bena: Mige ɖe me, ne miawu wo, eye amea ɖeke megasi o! Tete wowu wo kple yi. Ke esi fia ŋu asrafowo kple fia ŋuti amewo tsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe la, woge ɖe Baal ƒe xɔ kɔkɔetɔ me,

26 eye woɖe legbawo tso Baal ƒe xɔa me heta dzo wo.

27 Wogbã Baal ƒe legba la, eye wogbã Baal ƒe xɔ la hetsɔe ɖo kpɔxadeƒee vaseɖe egbe.

28 Ale Yehu tsrɔ̃ Baal ɖa le Israel enye si.

29 Negbe Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo nye sikanyivi le Betel kple Dan, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la, ŋu ko Yehu meɖe asi le o.

30 Eye Yehowa gblɔ na Yehu bena: Esi nèwɔ nusi dze ŋunye pɛpɛpɛ, eye nèwɔ Axab ƒe aƒe la, abe alesi le nye dzi me tututu ene la, eyata viwòwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi vaseɖe dzidzime enelia dzi.

31 Ke Yehu melé ŋku ɖe Yehowa ƒe seawo ŋu, ne woazɔ ɖe wo nu kple eƒe dzi blibo o; eye meɖe, asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la nu o.

32 Ɣemaɣi Yehowa de asi Israel nu tsitsi me, eye Xazael si wo le Israel ƒe liƒowo katã dzi,

33 tso Yordan nu ɖota ɣedzeƒe. Gilead-nyigba blibo la, si nye Gad, Ruben kple Manase tɔ, tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Gilead kple Basan.

34 Yehu ŋutinya susɔeawo, nusiwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo katã da, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

35 Eye Yehu mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe Samaria, eye via Yoaxaz zu fia ɖe eteƒe.

36 Ɣeyiɣi, siwo Yehu ɖu fia ɖe Israel dzi le Samaria la, le ƒe blave vɔ enyi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan