2 Fiawo 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel-fiaɖuƒe. Axazya lé dɔ. 1 Le Axab ƒe ku megbe la Moab dze aglã ɖe Israel ŋu. 2 Eye Axazya ge tso eƒe xɔtaxɔ ƒe fesre nu le Samaria, eye do dze eɖzi. Tete wòdo amewo gblɔ na wo bena: Miyi Mabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub be, ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea? 3 Ke Yehowa ƒe dɔla ƒo nu kple Eliya, Tisbitɔ la bena: Tso, naɖakpe Samaria-fia ƒe dɔlawo, eye gblɔ na wo bena: Esi Mawua ɖeke mele Israel o ta, mieyina ɖe nu bia ge Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? 4 Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku. Tete Eliya yi. 5 Eye esi dɔlawo gbugbɔ yi egbɔ la, ebia wo bena: Nukaŋuti mietrɔ gbɔ? 6 Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsua ɖe va kpe mí, eye wògblɔ na mí bena: Mitrɔ gbugbɔ yi fia, si dɔ mi ɖa la gbɔ, eye migblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Mawua ɖeke mele Israel o ta, nèdɔ ame ɖo ɖa, be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? Eyata aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku. 7 Eye wòbia wo bena: Aleke ŋutsu, si va kpe mi, eye wògblɔ nya siawo na mi la ƒe nɔnɔme le? 8 Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsu la nye fume, eye wòtsɔ lãgbalẽ bla ali dzi. Tete wògblɔ be: Eliya, Tisbitɔe. Eliya nɔ dzo ge tso dziƒo. 9 Eye wòdo ame blaatɔ̃wo ƒe amegã kple eƒe ame blaatɔ̃awo. Esi wòva egbɔ la, kpɔ ɖa, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe to la ta me. Eye wògblɔ nɛ bena: Mawu ƒe ame, fia be: Ɖi va! 10 Tete Eliya ɖo ŋu gblɔ na ame blaatɔ̃wo ƒe amegã bena: Nenye Mawu ƒe amee menye la, ekema dzo netso dziƒo, ne wòafiã mia kple wò ame blaatɔ̃awo! Tete dzo tso dziƒo hefiã eya kple eƒe ame blaatɔ̃awo. 11 Eye wògadɔ ame blaatɔ̃wo ƒe amegã bubu kple eƒe ame blaatɔ̃wo ɖo ɖa. Eya xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Mawu ƒe ame, ale fia la gblɔ esi: Ɖi va fififi! 12 Eliya ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Nenye Mawu ƒe amee menye la, ekema dzo netso dziƒo, ne wòafiã mia kple wò ame blaatɔ̃awo! Tete Mawu ƒe dzo tso dziƒo hefiã eya kple eƒe ame blaatɔ̃awo. 13 Egadɔ ame blaatɔ̃wo ƒe amegã kple eƒe ame blaatɔ̃wo ɖa zi etɔ̃lia. Eye ame blaatɔ̃wo ƒe amegã etɔ̃lia yi ɖadze klo ɖe Eliya ŋku me ƒo koko nɛ gblɔ nɛ bena: Taflatse, Mawu ƒe ame, na nye agbe kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo ƒe agbe naxɔ asi le ŋkuwò me. 14 Kpɔ ɖa, dzo tso dziƒo, eye wòfiã ame blaatɔ̃wo ƒe amegã gbãtɔ eveawo kple woƒe ame blaatɔ̃awo; eyata na nye agbe naxɔ asi le ŋkuwò me. 15 Eye Yehowa ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu kple Eliya bena: Yi kplii, megavɔ̃ o. Tete wòtso, eye eya kplii woyi fia la gbɔ. Axazya ku. 16 Eye wògblɔ ne bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Mawua ɖeke mele Israel, ne woabia gbee ase o ta, nèdɔ ame, be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? Eyata aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku. 17 Ale woku le Yehowa ƒe nya, si Eliya gblɔ la nu. Eye Yoram zu fia ɖe eteƒe le Yuda-fia Yoram, Yosafat vi ƒe ƒe evelia me, elabena ŋutsuvia ɖeke mele esi o. 18 Axazya ŋutinya susɔea kple nusi wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana