Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Tesalonikatɔwo 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Apostolo la di bena, woado gbe ɖa ɖo yewo ta le nyanyuie la ƒe dziyiyi ŋuti.

1 Mlɔeba la, nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mia la, bena Aƒetɔ ƒe nya la nayi dzi kaba, eye woakɔ eŋuti, abe alesi wòle le miawo hã mia dome la ene,

2 eye bena woaɖe mí atso votolawo kple ame vɔ̃ɖiwo si me; elabena menye amewo katã si xɔse la le o.

3 Ke nuteƒewɔla enye Aƒetɔ la, amesi ado ŋusẽ mi, eye wòadzra mi ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.

4 Ke mieɖo dzi ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miewɔa nusi miede se na mi la, eye miegale ewɔ ge hã.

5 Ke Aƒetɔ la atrɔ miaƒe dziwo aɖo ta Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Kristo ƒe dzidodo la gbɔ.


Tohehe le kuviawɔwɔ ta.

6 Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.

7 Elabena mia ŋutɔwo mienya alesi wòdze mi be, miasrɔ̃ mi; elabena míewɔ sakasaka le mia dome o,

8 eye mieɖu abolo dzro le amea ɖeke gbɔ o, ke boŋ mietsɔ agbagbadzedze kple kutrikuku wo ɖo zã kple keli, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o,

9 menye ɖe ŋusẽ mele mía si o, ke boŋ bene míawo mia ɖokui kpɔɖeŋu na mi, bena miasrɔ̃ mí.

10 Elabena esime mienɔ mia gbɔ hã la, míede se na mi bena, ne amea ɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã a.

11 Elabena miese bena, amea ɖewo zɔna sakasaka le mia dome, eye womewɔa dɔa ɖeke o, ke boŋ wowɔa yakadɔwo sɔŋ ko.

12 Ke míele se dem na nenem me siawo, eye míele nu xlɔ̃m wo le mia Aƒetɔ Yesu Kristo me, bene woawɔ dɔ kpoo, eye woaɖu woa ŋutɔwo ƒe abolo.

13 Ke miawo la, nɔviwo, migana ɖeɖi nate mia ŋu le do nyui wɔwɔ me o.

14 Ke ne amea ɖe meɖo to miaƒe nya, si le agbalẽ sia me o la, miɖe dzesi eyama, eye migade ha kplii o, bene ŋu nakpee.

15 Ke miabui abe futɔ ene o, ke mixlɔ̃ nui abe nɔvi ene boŋ.

16 Ke ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana ŋutifafa mi le ɣeawokatãɣi me le nusianu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã!


Ɖuɖɔ, si apostolo la ŋutɔ tsɔ eƒe asi ŋlɔ.

17 Ɖuɖɔ, si nye Paulo metsɔ nye asi ŋlɔe, si nye dzesi le nye agbalẽ sia agbalẽ me la, enye si; nenemae meŋlɔnɛ.

18 Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nana anyi kpli mi katã! Amen.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan