Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Korintotɔwo 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuƒoƒo le nudzɔdzɔ la ŋu ƒe dziyiyi.

1 Mele vevie nam bena, maŋlɔ nya na mi le subɔsubɔdɔ, si wotso subɔ ame kɔkɔewo la ŋuti hafi o.

2 Elabena menya bena, miele edzi lɔ̃m, eye metsɔ esia ƒo adegbe le mia ŋuti le Makedoniatɔwo gbɔ, bena Axaya dzra eɖokui ɖo xoxo anɔ ƒe ɖeka enye si, eye veviedodo, si tso mia gbɔ la, de dzo ame geɖeawo me.

3 Ke meda nɔviawo ɖa, bene míaƒe adegbe, si míeƒona le mia ŋuti la, nagazu dzodzro le nya sia me o, bena abe alesi megblɔe ene la, míadzra mia ɖokui ɖo ɖi,

4 bena nenye ɖe Makedoniatɔwo ava kpakplim, eye woakpɔ bena, miedzra mia ɖokui ɖo ɖi o la, ŋu nagakpe mí — míele didim be, miagblɔ be miawo ke la — le dziɖoɖo ɖe mia ŋu sia ŋuti o.

5 Ke mebui nu vevi bena, mexlɔ̃ nu nɔviawo, bena woadze ŋgɔ ava mia gea, bene woadzra yayra, si ŋugbe mieɖo xoxo la, ɖo ɖi, bene wòasɔ gbe abe yayra ene, eye menye abe ŋukeklẽ ene o.

6 Ke esia gblɔm mele bena, amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me.

7 Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzo la, eyae Mawu lɔ̃na.

8 Ke ŋusẽ le Mawu si bena, amenuveve katã nagbã go na mi, bene miakpɔ agbɔsɔsɔ blibo la katã le nusianu me ɖaasi, eye miagba go awɔ ɖɔ nyui sia dɔ nyui.

9 Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ehlẽ nu hena ame dahewo; eƒe dzodzoenyenye noa anyi tegbetegbe.

10 Ke amesi tsoa nuku kple abolo hã kea nuƒãla, bene wòakpɔ nuɖuɖu la, ana nuku mi, eye wòana miaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse natsi nyuie,

11 bena miazu kesinɔtɔwo le nusianu me ahaɖe miaƒe dɔmenyonyo katã, si wɔ be, woada akpe na Mawu to mia dzi la afia.

12 Elabena nunana sia ƒe subɔsubɔdɔ la menye ɖe wòde ame kɔkɔeawo ƒe hiãtutu nu ɖeɖe o, ke boŋ egba go le akpedada geɖe me hena Mawu hã;

13 elabena subɔsubɔdɔ sia ƒe kpɔɖeŋu nyui la ana woakafu Mawu le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyuie me ʋuʋu la kple miaƒe hadede kple woawo kpakple amewo katã tso dzimekɔkɔ me la ŋuti;

14 eye woawo hã le kuku ɖem ɖe mia ta, eye miele wo dzrom le Mawu ƒe amenuveve, si sɔ gbɔ ŋutɔ na mi la ŋuti.

15 Woada akpe na Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ŋuti!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan