Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Korintotɔwo 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuxɔxlɔ̃ le nudzɔdzɔ na Yerusalem-kristohame dahe la ŋu.

1 Ke, nɔviwo, miana mianya Mawu ƒe amenuveve, si wòna le Makedonia hamewo me.

2 Elabena xaxa me dodokpɔ geɖe me woƒe dzidzɔ ƒe agbɔsɔsɔ fũ kple woƒe ahedada, si nu sẽ la, gba go le le woƒe dzimekɔkɔ ƒe kesinɔnuwo me.

3 Elabena mele ɖase ɖim bena, woa ŋutɔwo lɔ̃ na nu faa alesi wote ŋui, eye wona nu wu alesi wote ŋui hã.

4 Eye wotsɔ nuxɔxlɔ̃ geɖe ɖe kuku na mí be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ƒe amenuveve kple hadede me;

5 eye menye alesi míekpɔ mɔ la ɖeɖeko o, ke boŋ wotsɔ wo ɖokui na Mawu gbã kpakple míawo hã to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me,

6 ale bena míexlɔ̃ nu Tito bena, alesi ke wòdze egɔme xoxo la, nenema ke wòawu amenuveve sia nu le mia dome hã.

7 Ke alesi miegba go le nusianu me le xɔse kple nya kple nunyanya kple veviedodo katã kple lɔlɔ̃, si mietsɔ lɔ̃ mi la me la, nenema ke miagba go le amenuveve sia me hã.

8 Nyemele egblɔm abe sedede ene o, ke boŋ metsɔ ame bubuwo ƒe veviedodo do miaƒe lɔlɔ̃ hã ƒe vavãnyenye kpɔ.

9 Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.

10 Eye meɖo aɖaŋu le esia me; elabena esia nyo na mi amesiwo meto ewɔwɔ gɔme ɖeɖeko o, ke boŋ edidi hã, anɔ ƒe ɖeka enye esi.

11 Ke azɔ miwu ewɔwɔ la hã nu, bene alesi miesu te helɔ̃ edzi faa la, mia wu nu hã le nusi le mia si la nu nenema ke.

12 Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.

13 Elabena menye be, ame bubuwo nakpɔ gbɔɖeme, eye miawo míakpɔ xaxa hafi o, ke boŋ bene wòasɔ pɛ; ɣeyiɣi sia me miaƒe agbɔsɔsɔ, si glia go la, nanɔ woamawo ƒe hiãtuame teƒe,

14 bene woamawo fe agbɔsɔsɔ, si gba go la, hã nava nɔ miaƒe hiãtuame teƒe, bene wòasɔ pɛ,

15 abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Amesi fɔ nu fũ la, mekpɔ ɖeke ɖe edzi o, eye amesi ke fɔe ʋee ko la, naneke mebiae o.“

16 Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;

17 elabena exɔ nuxɔxlɔ̃ sia; ke esi wòdo vevie wu ŋuti la, edzo yi mia gbɔ le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu nu.

18 Ke míedɔ eya kple nɔvi, si ŋu kafukafu le le nyanyuie ŋuti le hamewo katã me la, ɖo ɖa.

19 Ke menye esia ɖeɖeko o, hafi hamewo tiae hã, bene wòanye mía hamɔzɔla le amenuveve sia, tsi miewɔna hena Aƒetɔ la ƒe kafukafu kple míaƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia la me.

20 Nenem míele mo xem na esia, bena amea ɖeke nagaka mo na mí le nudzɔdzɔ gã sia, si miena wodzo la ŋuti o.

21 Elabena míaƒe tamesusuwo le nu nyui yome, menye le Aƒetɔ la ŋku me ɖeɖeko o, ke le amewo ŋku me hã.

22 Ke miedɔ wo kpakple mía nayi, si miedo kpɔ le nu geɖe me enuenu, eye miekpɔ bena, edoa vevie; ke azɔ la ele vevie dom geɖe wu tsãtɔ le dziɖoɖoɖeameŋu gã, si wòɖo ɖe mia ŋu la ta.

23 Le Tito gome la, nye zɔhɛ wònye, eye hadɔwɔla wònye le mia gbɔ; le nɔvi, siwo tso mía gbɔ gome la, hame ƒe ame dɔdɔwo wonye kple bubu na Kristo.

24 Azɔ ne míeɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple miaƒe adegbe, si míeƒona le mia ŋuti la, ƒe dzesi fia woamawo la, ekema mieɖee fia le hameawo ŋku me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan