Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Korintotɔwo 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Paulo xlɔ̃ nu kristotɔwo be, womaxɔ Mawu amenuveve la dzodzro o.

1 Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.

2 Elabena egblɔ bena: „Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.“ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!

3 Miena nuɖiaɖiaa ɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o,

4 ke boŋ le nuwo katã me la mieɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene; Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me,

5 le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me,

6 le dzadzɛnyenye me, le sidzedze me, le dzigbɔgbɔ blewu me, le dɔmenyonyo me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe me, le lɔlɔ̃, si me alakpa mele o la me,

7 le anukwarenya me, le Mawu ƒe ŋusẽ me; heto dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnu, siwo le nuɖusi me kple mia me la me,

8 to bubu kple ŋukpe me, to ɖaseɖiɖi vɔ̃ kple ɖaseɖiɖi nyui me; abe ameblelawo ene, gake nyateƒetɔwoe;

9 abe amesiwo womenya o ene, gake amesiwo wodze si kɔte la woe; abe amesiwo le kukum ene, gake kpɔ ɖa, míele agbe; abe amesiwo woƒo ene, gake womewu wo o;

10 abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Paulo xlɔ̃ nu kristotɔwo be, womagade ha kple dzimaxɔsetɔwo o.

11 Míaƒe nu ke ɖe te na mi Korintotɔwo! Míaƒe dzi keke!

12 Miexaxa le mía me o; ke miexaxa le mia ŋutɔwo miaƒe dzi me.

13 Teƒeɖoɖo sia nu mele egblɔm na mi — abe ɖeviwo megblɔe na ene — bena miawo hã miakeke mia ɖokui.

14 Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?

15 Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa?

16 Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.

17 Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,

18 eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan