Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Korintotɔwo 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Paulo anye nyanyuie la ƒe gbeƒãɖela vavãtɔ, edo nyanyuie la ƒe ŋusẽ kpɔ le xaxawo me.

1 Eyata esi subɔsubɔdɔ sia le mía si, abe alesi míekpɔ nublanuikpɔkpɔ ene la, ɖeɖi mete mia ŋu o.

2 Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye miezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye miebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ mietsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.

3 Ke ne wotsyɔ nu miaƒe nyanyuiea dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le,

4 amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.

5 Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,

6 elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.

7 Ke kesinɔnu sia le mia si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ woatso o;

8 womimi mí ɖo le go sia go me, gake gbɔgbɔtsixe metsi mía ƒo o: míetsi dzodzodzoe, gake míebu ŋuɖoɖo keŋ o;

9 woti mia yome, gake womegblɔ mi ɖi o; woxlã mi ɖe anyi, gake wometsrɔ mi o.

10 Ɖaasi míetsɔa Yesu ƒe ku de mía ŋutilã ŋu nɔa tsatsami, bene Yesu ƒe agbe hã nado ɖe mía ŋutilã ŋu.

11 Elabena ɣeawokatãyi me wotsɔ mi, amesiwo le agbe la, de asi na ku le Yesu ŋuti, bene Yesu ƒe agbe nado ɖe mía ŋutilã, si nye nu kuku la me.

12 Eyata ku la sẽa ŋu le mia me: ke agbe la le mia me.

13 Ke esi xɔse ƒe gbɔgbɔ ma ke le mía si la ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mexɔe se, eyata meƒo nu ɖo“ la; míawo hã míexɔna sena, eyata míegblɔa nya hã;

14 elabena mienya bena, amesi fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre la, afɔ míawo hã kple Yesu, eye wòatsɔ mia kpli mi siaa atu tsitre afia.

15 Elabena wowɔ wo katã le mia ta, bene amenuveve, si sɔ gbɔ ɖe dzi to ame geɖeawo dzi la, nana akpedada la nagba go hena Mawu ƒe kafukafu.

16 Eyata ɖeɖi metea mia ŋu o: ke ne miaƒe gotame gblẽna hã la, míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe.

17 Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí,

18 esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan