Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Korintotɔwo 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Alesi wole na kristotɔwo ʋe, woaxɔ nuvɔ̃wɔla, siwo trɔ dzime la.

1 Ke nye ŋutɔ meɖo tame bena, magatsɔ nuxaxa ava mia gbɔ o.

2 Elabena ne nye la mena míexa nu la, amekae nye amesi ado dzidzɔ nam, negbe amesi kekeake mena wòxa nu lae?

3 Eye meŋlɔ esia ke na mi bena, ne meva la, magakpɔ nuxaxa tso amesiwo ŋuti makpɔ dzidzɔ le hafi la gbɔ o, esi meɖo dzi ɖe mi katã mia ŋu bena, nye dzidzɔ enye mi katã mia tɔ la ŋuti.

4 Elabena le fukpekpe geɖe kple dzimexaxa me metsɔ adatsi geɖe ŋlɔ ɖo ɖe mi, menye bene wòana miaxa nu o, hafi bene miadze si lɔlɔ̃, si metsɔ lɔ̃ mi vevie wu la.

5 Ke ne amea ɖe na ame xa nu la, menye nyee wòna mexa nu o, ke boŋ mia dome amea ɖewo — nyemagblɔ be, mi katãe o, bene nyemagate eyama ɖe to akpa o. —

6 Nenem me sia la tohehe, si mia dome ame geɖeawo mienae la, sɔ gbɔ nɛ;

7 eyata azɔ la mitsɔe kee, eye mifa akɔ nɛ ɖe eteƒe boŋ, bene nuxaxa geɖe akpala nagami nenem me sia o.

8 Eyata mele nu xlɔ̃m mi bena: Mina miaƒe lɔlɔ̃ nu nasẽ ɖe eyama dzi.

9 Elabena eyata meŋlɔ na mi, bene madze si miaƒe kelili, abe ɖe míeɖoa to le nusianu me ene.

10 Ke amesi ke mietsɔ nane ke la, nye hã metsɔe kee, elabena nye hã, ne matsɔ nane ke la, metsɔe ke le mia ta Me Kristo ƒe ŋku me,

11 bena Satana nagaba mi o, elabena mienya eƒe tameɖoɖowo keŋkeŋ.

12 Ke esi meva Troa Kristo ƒe nyanyuie gblɔ ge, eye woʋu ʋɔtru nam le Aƒetɔ me la,

13 nyemekpɔ dzudzɔ le nye gbɔgbɔ me o; elabena nyemekpɔ nɔvinye Tito o, ke boŋ meklã wo, eye meto dzi yi Makedonia.

14 Ke woada akpe na Mawu, si nana mieɖua dzi ɖaasi le Kristo me, eye wòɖe eƒe sidzedze ƒe ʋeʋẽ lilili la ɖe go fia to mía dzi le afisiafi.

15 Elabena míenye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le amesiwo woxɔna ɖe agbe la kple amesiwo tsrɔ̃na la dome,

16 hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã?

17 Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan