2 Korintotɔwo 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuxɔxlɔ̃ hena dzimetɔtrɔ. 1 Zi etɔ̃lia enye si megbɔna mia gbɔ; ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu woaƒo nya sia nya ta le. 2 Megblɔe xoxo, eye megale egblɔm ɖi, alesi menɔ mia gbɔ zi eveliae la, nenema kee nye fifia hã, esi nyemele mia gbɔ o la, mele egblɔm na amesiwo wɔ nuvɔ̃ tsã kple ame susɔeawo katã bena, ne magava la, nyemakpɔ nublanui o. 3 Elabena miele dzesi dim le Kristo, si le nu ƒom le menye la si, amesi megbɔdzɔ le mia gbɔ o, ke enu sẽ le mia dome la boŋ. 4 Wònye gbɔdzɔgbɔdzɔ me wòtso woklãe ɖe atitsoga ŋu hafi, gake la Mawu ƒe ŋusẽ me wòtso wòle agbe. Elabena míawo hã míegbɔdzɔ le eyama me; gake mía kplii míanɔ agbe le Mawu ƒe ŋusẽ me le mia gome. 5 Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ! Alo ɖe miedze si mia ɖokui bena, Yesu Kristo le mia me oa? Negbe ɖeko mieli ke o. 6 Ke mele mɔ kpɔm bena, miedze sii bena, míawo la míenye ame malike o. 7 Ke mele kuku ɖem na Mawu bena, miagawɔ nuvɔ̃a ɖeke o, menye bena míawo miedze ƒã abe ame likewo ene o; ke boŋ bene miawo miawɔ nu nyui la, ke míawo la míanɔ abe ame malikewo ene. 8 Elabena míate ŋu awɔ naneke ɖe nyateƒe la ŋuti o; ke nyateƒe la boŋ ye míate ŋu awɔ nane na. 9 Elabena ne míawo míegbɔdzɔ, eye miawo miesẽ ŋu la, miekpɔa dzidzɔ, eye esia ŋuti míele kuku ɖem ɖo le miaƒe blibodede ŋuti. 10 Eyata esi nyemele mia gbɔ o ŋuti la, meŋlɔ esiawo bena, ne mele mia gbɔ la, nyemagahe nya sesẽ le ŋusẽ, si Aƒetɔ la nam hena ame ƒe ŋgɔgbedede, eye menye eƒe gbegblẽ o la nu o. 11 Mlɔeba la, nɔviwo, dzi nadzɔ mi, mizu blibo, mina woafa akɔ na mi, miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka, mina anyi le ŋutifafa me, eye lolo kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi! 12 Mitso nugbugbɔ kɔkɔe gbugbɔ nu na mia nɔewo! Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã! 13 Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kpli mi katã! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana