Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Korintotɔwo 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Apostolo la ʋli eɖokui ta le eƒe futɔwo kple nudadadfialawo ŋuti.

1 Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.

2 Ke mele kuku ɖem na mi bena, ne mele mia gbɔ la, nyemaɖe dzi ƒo na ɖokuinye kple ŋuɖoɖoɖeŋu, si mele susum be, matsɔ awɔ kalẽ ɖe amea ɖewo, siwo bua mí abe amesiwo zɔna le ŋutilã nu ene ta ŋuti o.

3 Elabena esi wònye ŋutilã me zɔm míele hã la, miewɔa aʋa le ŋutilã nu o. —

4 Elabena míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãtɔ o, ke boŋ ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbaa mɔ̃wo ƒua anyi la, wonye le Mawu ƒe ŋku me —

5 esi míegbaa tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la, eye mieɖea nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo;

6 eye mienɔa dzadzraɖoɖi hã, bena ne miaƒe toɖoɖo ade blibo la, míatu fe vɔ̃ le tosesẽ sia tosesẽ ŋuti.

7 Ɖe miekpɔa nusiwo le ŋku me la ɖa? Ne amea ɖe ɖoa ŋu ɖe eɖokui ŋu bena, Kristo to yenye la, ekema eyama nagasusu esia hã le eɖokui me bena, alesi ke ye ŋutɔ nye Kristo tɔ la, nenema ke míawo hã míenye eto.

8 Elabena nenye be, maƒo adegbe via ɖe wu le míaƒe ŋusẽ, si Aƒetɔ la tso na mi, bene míado mi ɖe ŋgɔ, eye menye be, miagblẽ mi o la ŋuti la, ŋu mele kpe ye ge o,

9 bene nyemagawɔ abe ɖe metso agbalẽwo do vɔvɔ̃ na mi ene o.

10 Elabena wogblɔ be: Agbalẽawo kpena, eye wosẽna; ke eya ŋuta nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.

11 Ke nenem me sia nasusu le esia ŋuti bena, amesi ƒomeviwo míenye le nya me le agbalẽwo me, esi miele mia gbɔ o la, nenem me mawo tɔgbe ke mianye le dɔwɔwɔ me, ne míele mia gbɔ hã.

12 Elabena mieɖo dzi bena, míabu mia ɖokui akpe ɖe amea ɖewo ŋu, alo miatso mía ɖokui aɖo amea ɖewo, siwo kafua wo ɖokui la ŋu o; ke ame mawo la, esi wotso woa ŋutɔwo ɖokui dzidze wo ɖokui, eye wotsɔ wo ɖokui ɖo woa ŋutɔwo ɖokui ŋu ŋuti la, womenya nu o.

13 Ke míawo la, míaƒo adegbe wòagbɔ me o, ke boŋ le dzidzeka ƒe dzidzedzidze, si Mawu ma na mí la nu, bene miade keke mia gbɔ hã.

14 Elabena míele mía ɖokui dem akpa, abe ɖe míate ŋu ade mia gbɔ o ene o; elabena míetsɔ Kristo ƒe nyanyuie la de mia gbɔ ke hã.

15 Mieƒoa adegbe wògbɔa eme le ame bubuwo ƒe dɔwɔƒewo ŋu o; ke mɔkpɔkpɔ le mía si bena, ne miaƒe xɔse le tsitsim la, míatsi azu gã le mia dome le míaƒe dzidzeka la nu,

16 bene míagblɔ nyanyuie la afia le anyigba, siwo le mia godo la hã dzi, bene míagaƒo adegbe le ame bubuwo ƒe dɔwɔƒe le nusi wowɔ vɔ xoxo la ŋuti o.

17 Ke amesi ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le Aƒetɔ la me!

18 Elabena menye amesi tsia eɖokui la, nye ame nyui o, ke boŋ amesi Aƒetɔ la kafuna lae.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan