Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

2 Korintotɔwo 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Kpɔkplɔyiɖeme.

1 Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto, kple ame kɔkɔe, siwo katã le Axaya blibo la katã:

2 Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mia Fofo, kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!

3 Woakafu Mawu, mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la,

4 amesi fa akɔ na mi le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míawo hã míate ŋu atsɔ akɔfafa, si Mawu tsɔ fa akɔ na mí la, afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu la;

5 elabena alesi Kristo ƒe fukpekpewo so gbɔ ŋutɔ va mía dzi la, nenema ke miekpɔa akɔfafa hã sɔ gbɔ ŋutɔ to Kristo dzi.

6 Ke nenye ɖe míexaxa la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ, si sẽa ŋu le fukpekpe, siwo ke míawo hã míekpena ƒe dzidodo me la tae; alo nenye ɖe wofa aka na mí la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ tae.

7 Eye míaƒe mɔkpɔkpɔ li ke le mia ŋuti, esi míenyae bena, alesi míekpɔa gome le fukpekpewo me la, nenema ke miekpɔa gome le akɔfafa me hã la ŋuti.

8 Nɔviwo, míele didim be, miaƒe xaxa, si miekpɔ le Asia la, nanɔ manyamanya na mi o, bena wowɔ fu mí geɖe ŋutɔ, wu alesi míete ŋu kpee, ale gbegbe be, míetsi dzodzodzoe keŋ le míaƒe agbe ŋuti.

9 Ẽ, mía ŋutɔwo mieɖo kpe dzi le mía dokui me bena, míele kuku ge, bene miagaɖo dzi ɖe mía ɖokui ŋu o, hafi ɖe Mawu, amesi fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la ŋu boŋ,

10 amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.

11 Esi miawo hã míetsɔa miaƒe kukuɖeɖe kpena ɖe mía ŋuti, bene ame geɖe nada akpe le mía ta le amenuvevenunana, si ame geɖe ƒe kukuɖeɖe na wòsu mia si la ŋuti.

12 Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.

13 Elabena mieŋlɔ nya bubu na mi o, negbe nusi miexlẽ alo miedze si hã; ke mele mɔ kpɔm bena, miadze sii yiɖase nuwuwu,

14 abe alesi miedze si mí afã kple afã bena, míenye miaƒe adegbeƒoƒo, abe alesi miawo hã míenye mia to le mia Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkekea dzi la ene.


Nusi ta Paulo megayi Korinto o.

15 Eye dziɖoɖoɖeŋu sia ŋuti meɖo tame bena, mava mia gbɔ gbã, bene míakpɔ amenuveve evelia,

16 eye bena mato mia gbɔ ayi Makedonia, eye magagbugbɔ tso Makedonia agava mia gbɔ, bena miaɖom ɖa mayi Yudea.

17 Azɔ esi meɖo esia ɖe tame la, ɖe mewɔe le amefuflu mea? Alo nusi meɖo ɖe ta me la, ɖe meɖoe le ŋutilã nu bena, ẽ nanye ẽ, eye o nanye o le gbɔnye mahã?

18 Ke Mawue nye nuteƒewɔla, bena miaƒe nya, si miegblɔ na mi la, menye ẽ kple o o.

19 Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, amesi woɖe gbe ƒã le mia dome to mi, amesiwo nye nye, Silvano kple Timoteo dzi la, menye ẽ kple o o, hafi enye ẽ le eyama me boŋ.

20 Elabena Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me ẽ le; eyaŋuti amen la to eya hã dzi hena Mawu ƒe kafukafu to mia dzi.

21 Ke amesi li ke mia kple miawo ɖe Kristo me, eye wòsi ami na mí la, enye Mawu;

22 amesi tre mia nu hã, eye wòna Gbɔgbɔ ƒe a wɔbanu mí le míaƒe dziwo me.

23 Ke nye la meyɔ Mawu, ne woanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o,

24 menye bena, mieɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan