1 Yohanes 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Xɔse, si ɖu xexeame dzi. 1 Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã. 2 Ne míelɔ̃a Mawu, eye mieléa eƒe seawo me ɖe asi la, esia me míedze sii le bena, míelɔ̃a mawuviwo. 3 Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o. 4 Elabena nusianu, si wodzi tso Mawu me la, ɖua xexeame dzi, eye dziɖuɖu, si ɖu xexeame dzi la, eyae nye míaƒe xɔse. 5 Amekae nye amesi ɖua xexeame dzi, ne menye amesi xɔnɛ sena bena, Yesu ye nye Mawuvi la o mahã? Gbɔgbɔ la ƒe ɖaseɖiɖi. 6 Esiae nye amesi va le tsi kple ʋu me: Yesu Kristo, menye tsi ɖeɖe me koe wòva le o, ke boŋ tsi kple ʋu mee wòva le. Eye Gbɔgbɔ la enye amesi ɖia ɖase: elabena Gbɔgbɔ la enye nyateƒe la. 7 Elabena ame etɔ̃e li, amesiwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka. 8 Eye ame etɔ̃e li, amesiwo le ɖase ɖim le anyigba dzi, woawoe nye: Gbɔgbɔ la kple tsi la kpakple ʋu la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka. 9 Ne míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖi la, ekema Mawu ƒe ɖaseɖiɖi la lolo wu; elabena Mawu ƒe ɖaseɖiɖi enye esia bena, eɖi ɖase le Via ŋuti. 10 Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o. 11 Eye ɖaseɖiɖi la enye si bena, Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe sia le Via me. 12 Amesi si Vi la le la, agbe le esi; eye amesi si Mawu ƒe Vi la mele o la, agbe mele esi o. 13 Nusiawo meŋlɔ na mi amesiwo xɔa Mawuvi la ƒe ŋkɔa dzi sena la, bena miadze sii be, agbe mavɔ le mia si. Kukuɖeɖe tia Mawu ƒe ŋusẽ. 14 Eye dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí. 15 Eye ne míenyae bena, eɖoa to mí le nusianu, si ke míebia me la, ekema mienyae bena, miexɔa nusiwo míebia tso egbɔ la. 16 Ne amea ɖe kpɔ nɔvia wɔ nuvɔ̃, si mahe ame ayi ku me o la, neɖe kuku, eye wòana agbe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me o. Nuvɔ̃a ɖe li, si ahe ame ayi ku me; nyemegblɔ be, woaɖe kuku ɖe eya ta o. 17 Madzɔmadzɔnyenye katã enye nuvɔ̃, eye nuvɔ̃a ɖe li, si mahe ame ayi ku mee o. 18 Míenyae bena, amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; ke amesi wodzi tso Mawu me la, eya léa eɖokui nyuie, eye vɔ̃ɖitɔ la mekaa asi eŋu o. 19 Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖi to la me. 20 Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la. 21 Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana