Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Yohanes 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le agbe la ƒe nya kple hadede kple Mawu to ŋutikɔklɔ tso nuvɔ̃ me ŋuti.

1 Nusi li tso gɔmedzedzea me, nusi miese, nusi míekpɔ kple míaƒe ŋkuwo, nusi míekpɔ kɔte, eye míeƒo asii kpɔ, le agbenya la ŋuti —

2 elabena agbe la da, eye míekpɔe, eye míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbe ƒã agbe mava, si le Fofoa gbɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe go fia mí la fia mi —

3 nusi miekpɔ, eye miese la, mieɖea gbe ƒãe na miawo hã, bene miawo hã miado ƒome kpakpli mí, eye míaƒe ƒomedodo la li kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.

4 Eye míeŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miaƒe dzidzo nayɔ fũ.

5 Eye gbedasi, si miese tso egbɔ, eye míeɖea gbe ƒã na mi la, enye esi bena, Mawu enye kekeli, eye vivitía ɖeke mele eme o.

6 Ne míegblɔ bena, míedo ƒome kpakplim eye gake miegale viviti me zɔm la, ekema aʋatso kam míele, eye menye nyateƒe dzi wɔm míele o;

7 ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.

8 Ne miegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mia ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o.

9 Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.

10 Ne míegblɔ bena, míewɔa nuvɔ̃ o la, ekema míeɖo eyama aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mia me o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan