1 Samuel 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Saul va Samuel gbɔ. 1 Ŋutsua ɖe le Benyamin, eŋkɔ nye Kis, amesi nye Abiel vi, amesi nye Zeror vi, amesi nye Bexorat vi, amesi nye Afia vi; enye Benyamintɔa ɖe ƒe vi, eye alɔme le esi. 2 Eye ŋutsuvia de le esi, si ŋkɔ nye Saul, enye ɖekakpui, eye wòdze ɖeka ŋutɔ, amea ɖeke medze ɖeka wui le Israel-viwo dome o, eye wòkɔ, ale be dukɔ blibo la se abɔta nɛ. 3 Eye Saul fofo Kis ƒe tedzinɔwo bu, eye Kis gblɔ na via Saul bena: Kplɔ ame ɖeka le dɔlawo dome ɖe asi, eye tso, nayi aɖadi tedzinɔawo! 4 Eye wotsa le Efrayim-to kple Salisa-nyigba dzi womekpɔ wo o; wotsa le Saalim-nyigba dzi, ke womelé afima o, eye wotsa le Benyamin-nyigba dzi, gake womekpɔ wo o. 5 Esi wova Zuf-nyigba dzi la, Saul gblɔ na dɔla, si le eŋu bena: Na miatrɔ, ne fofonye magaɖe ŋku le tedzinɔawo ŋu, eye wòanɔ nu xam le mia ŋu o! 6 Eɖo ŋu nɛ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe le du keme me, eƒe ŋkɔ nya, eye nusianu, si wogblɔna la, vaa me. Eyata na miayi afima, ɖewohĩ afia mɔ, si míato la mí. 7 Saul gblɔ na eƒe dɔla bena: Ne míeyi ɖe, nuka miatsɔ ayi na ame la? Elabena abolo vɔ le akplɔ me na mi, eye nunanaa ɖeke hã meli miatsɔ ayi na Mawu ƒe ame la o. Nukae heli ma? 8 Tete dɔla la gaɖo ŋu na Saul gblɔ bena. Kpɔ ɖa, klosalo sekel eneliawo ɖeka le asinye, eya matsɔ na Mawu ƒe ame la, ne wòafia mɔ mi. 9 Tsã, ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna bena: Mina miayi nukpɔla gbɔ! Elabena amesi woyɔna fifia be nyagblɔɖila la, eya woyɔna tsã be nukpɔla. 10 Saul gblɔ na eƒe dɔla la bena: Wò nya la le eme, va miyi! Tete woyi du, si me Mawu ƒe ame la le la me. 11 Esi wole to liam yina dua me la, wokpe nyɔnuviwo woyina tsi du ge, eye wobia wo bena: Nukpɔla le afisia? 12 Woɖo ŋu na wo bena. Ẽ, ele afisia, afɔ netsɔ na mi, eva dua me egbea, elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea. 13 Ne miede dua me la, miatui, hafi wòava yi nuɖuƒe le to la dzi; elabena dukɔ la meɖua nu o, vaseɖe esime wòvana va yra vɔsanu la, hafi amesiwo wokpe vɛ la ɖua nu. Eyata miyi, elabena miele etu ge egbea kokoko! 14 Tete woyi dua me. Eye esi woɖo dua me la, wokpe Samuel wòyina ɖe to la dzi. 15 Ke Yehowa de gbe to me na Samuel ŋkeke ɖeka va yi, hafi Saul nava ɖo, gblɔ bena: 16 Etsɔ wɔle siawo la mele ŋutsua ɖe ɖo ge ɖe wò tso Benyamin-nyigba dzi, nasi ami nɛ, wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu, eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me; elabena mekpɔ nye dukɔ ɖa, eye eƒe ɣli ɖi va gbɔnye. 17 Esi Samuel kpɔ Saul la, Yehowa gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, si ŋu nya megblɔ na wò la, enye si; eyae aɖu fia ɖe nye dukɔ nu. 18 Tete Saul te ɖe Samuel ŋu le agbo la nu gblɔ bena: Taflatse, gblɔe nam, afika nukpɔla ƒe aƒe le? 19 Samuel ɖo ŋu na Saul gblɔ bena: Nyee nye nukpɔla la. Dze ŋgɔnye yi to la dzi, eye miaɖu nu kplim egbea! Etsɔ ŋdi la mado mɔ wò, eye maɖe nusiwo katã le wò dzi me la afia wò. 20 Megatsi dzi le tedzinɔ, siwo bu na wò ŋkeke etɔ̃ enye egbe la ŋu o, elabena wokpɔ wo! Eye ameka tɔ enye Israel ƒe nu veviwo katã? Ɖe menye mia kple fofowò ƒe aƒe blibo la tɔa oa? 21 Saul ɖo ŋu gblɔ bena: Ɖe menye Benyamintɔ menye tso Israel ƒe to suetɔ me, eye nye ƒome enye gblɔetɔ le Benyamin-to la ƒe ƒomeawo me oa? Nya ka enye si gblɔm nèle nam? 22 Tete Samuel kplɔ Saul kple eƒe ɖɔla yi xɔa me, eye wòna wobɔbɔ nɔ taɖenɔƒe le amesiwo wokpe la dome; woanɔ ame blaetɔ̃. 23 Azɔ Samuel gblɔ na nuɖala bena: Tsɔ lã, si mede asi na wò hegblɔ be, nadzrae ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ la ve! 24 Tete nuɖala yi ɖatsɔ ata kple nusiwo le eŋu la, va ɖo Saul kɔ me. Eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia wotsɔ le megbe kpɔm na wò, hee ɖe akɔ me naɖu, elabena esi mekpe dukɔa la, eya medzrae ɖo na wò vaseɖe fifi. Eye Saul kple Samuel woɖu nu gbemagbe. 25 Emegbe woɖi tso toa dzi yi dua me, eye wòƒo nu kple Saul le xɔta. 26 Eye wolɔ ŋdi kanya; esi agu dze la, Samuel yɔ Saul le xɔta gblɔ bena: Fɔ, ne mado mɔ wò! Eye Saul fɔ, eye woa kple eve, eya kple Samuel, wodo ɖe mɔ dzi. 27 Esi woɖo ɖua ƒe mlɔenu la, Samuel gblɔ na Saul bena: Gblɔ na ɖɔla la be, wòadze mía ŋgɔ; — eye wòdze ŋgɔ — ke wò la tɔ ɖe tsitre, ne mato Mawu ƒe gbe na wò! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana