1 Samuel 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Israel-viwo di fia na wo ɖokui. 1 Eye wova me, esime Samuel tsi la, etsɔ viaŋutsuwo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe Israel nu. 2 Viaŋutsu ŋgɔgbea ŋkɔ nye Yoel, evelia ŋkɔ nye Abia, woawoe nye ʋɔnudrɔ̃lawo le Beerseba. 3 Ke viaŋutsuwo meto eƒe ʋe me o, eye wodi viɖe yome, woxɔ zãnu, eye wòtrɔ gbɔ ʋɔnudɔdrɔ̃. 4 Tete Israel-ame tsitsiwo katã va kpe ta ɖe Samuel gbɔ le Rama, 5 eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ètsi, eye viwowo mele wo ʋe me tom o; eyata ɖo fia na mí, amesi adrɔ̃ ʋɔnu na mí abe alesi wòle le dukɔwo katã dome ene! 6 Ke nya la medze Samuel ŋu o, esi wogblɔ be: Ɖo fia na mi, ne woadrɔ̃ ʋɔnu na mi! Eye Samuel ɖo gbe ɖa na Yehowa. 7 Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o. 8 Alesi wole wɔwɔm tso gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte vaseɖe egbe, eye wogblẽm ɖi subɔ mawu bubuwo la, nenema pɛpɛpɛ wole wɔwɔm de wò hã ŋuwò. 9 Eyata do to woƒe gbe; ɖeko naxlɔ̃ nu wo, eye nato fia, si le wo dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo na wo! Samuel ɖe gbe ƒã nusi fia abia tso wo si la na wo. 10 Tete Samuel gblɔ Yehowa ƒe nyawo katã na dukɔ, si le fia biam le egbɔ, 11 hegblɔ bena: Fia, si le mia dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo enye si: Axɔ mia viŋutsuwo, eye wòatsɔ wo aɖo eƒe tasiaɖam kple eƒe sɔɖolawo nu, ne woanɔ du ƒum le eƒe tasiaɖam ŋgɔ. 12 Atsɔ wo ado amegãwo ɖe ame akpe kple ame blaatɔ̃ nu na eɖokui, woaŋlɔ agble nɛ, eye woaŋe nu nɛ, woatu aʋawɔnuwo ne, eye woawɔ tasiaɖam ŋu nuwo nɛ. 13 Atsɔ mia vinyɔnuwo awɔ amitɔlawo, nuɖalawo kple aboloƒolawoe. 14 Eye woaxɔ agble, weingble kple amitibɔ nyuitɔwo le mia si atsɔ na eƒe dɔlawo. 15 Axɔ agblemenu kple weingblemenu fe ewolia le mia si na eƒe aƒe dzikpɔlawo kple dɔlawo. 16 Axɔ miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple miaƒe ɖekakpui zãzɛwo kpakple miaƒe tedziwo, ne woawɔ dɔ nɛ. 17 Axɔ miaƒe alẽwo ƒe ewolia, eye mianye dɔlawo nɛ. 18 Gbemagbe míado ɣli le fia, si mieha la ta; ke Yehowa mado to mi o. 19 Gake dukɔ la gbe toɖoɖo Samuel hegblɔ bena: Gbeɖe, ke boŋ fia nenɔ mía nu, 20 ne miawo hã mianɔ abe dukɔwo katã ene! Míaƒe fia nadrɔ̃ ʋɔnu na mí, eye wòadze mía ŋgɔ awɔ aʋa na mí! 21 Eye Samuel se dukɔ la ƒe nyawo katã, eye wogblɔ wo ɖe Yehowa ƒe to me. 22 Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to woƒe gbe, eye nado fia ɖe wo nu! Tete Samuel gblɔ na Israel-ŋutsuwo bena: Mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe du me! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana