Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel-viwo trɔ dzime, ye woɖu Filistitɔwo dzi. Eben-Ezer. Samuel nye ʋɔnudrɔ̃la le Israel.

1 Tete Kiryat-Yearimtɔwo va kɔ Yehowa ƒe aɖaka la yi ɖada ɖe togbɛ dzi le Abinadab ƒe me, eye wokɔ via Eleazar ŋu, ne wòakpɔ Yehowa ƒe aɖaka la dzi.

2 Tso gbesigbe aɖaka la va Kiryat-Yearim la, ŋkeke-ŋkekewo le yiyim anɔ ƒe blave sɔŋ. Eye Israel ƒe aƒe blibo la trɔ ɖe Yehowa ŋu.

3 Tete Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la bena. Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!

4 Tete Israel-viwo ɖe Baalwo kple Astartewo ɖa, eye wosubɔ Yehowa ɖeɖeko.

5 Eye Samuel gblɔ bena: Miƒo Israel blibo la nu ƒu va Mizpa, ne maɖe kuku na Yehowa ɖe mia ta!

6 Tete wova kpe ta ɖe Mizpa, eye woku tsi ƒo ɖe anyi le Yehowa ŋku me hetsi nu dɔ gbemagbe, eye wogblɔ le afima bena: Miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Eye Samuel drɔ̃ ʋɔnu Israel le Mizpa.

7 Esi Filistitɔwo se bena, Israel-viwo kpe ta ɖe Mizpa la, Filistitɔwo ƒe amegãwo ho ɖe Israel ŋu; ke esi Israel-viwo see la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Filistitɔwo ŋu

8 Tete Israel-viwo gblɔ na Samuel bena: Megadzudzɔ kukuɖeɖe na Yehowa, mía Mawu la, ɖe mía ta o, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!

9 Eye Samuel lé alẽvi, si gale no nom, hesa numevɔe, eye wòtɔ dzoe blibo na Yehowa; eye Samuel ɖe kuku na Yehowa ɖe Israel ta, eye Yehowa ɖo toe.

10 Esi Samuel le numevɔa sam la, Filistitɔwo ho aʋa va gogo Israel Tete Yehowa ɖe gbe sesĩe ɖe Filistitɔwo dzi gbemagbe, eye wòtɔtɔ wo, ale be Israel si wo.

11 Israel-ŋutsuwo do tso Mizpa heti Filistitowo yome, eye wowu wo vaseɖe Bet-Kar ƒe anyigbe.

12 Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!

13 Wobɔbɔ Filistitɔwo ɖe anyi, eye tso ekema dzi womegava Israel-nyigba dzi. Kpɔ o, eye Yehowa ƒe asi nɔ Filistitɔwo dzi le Samuel ƒe agbe me ŋkekewo katã me

14 Eye du, siwo Filistitɔwo xɔ le Israel si la gasu Israel si. Ale Israel xɔ Ekron vaseɖe Gat kple woƒe anyigbawo le Filistitɔwo si. Eye ŋutifafa ɖo Israel kple Amoritɔwo dome.

15 Samuel drɔ̃ ʋɔnu na Israel le ele agbe me ŋkekewo katã me.

16 Etsana ƒe sia ƒe dea Betel, Gilgal kple Mizpa, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le du siawo katã me.

17 Emegbe wòtrɔna va Rama, elabena afima eƒe xɔnu le, eye wodrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afima, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan