1 Samuel 6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Filistitɔwo gbugbɔ nubablaɖaka la vɛ kple nunanawo. 1 Esi Yehowa ƒe aɖaka la tsi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre la, 2 Filistitɔwo yɔ nunɔlawo kple afakalawo gblɔ bena: Aleke miele Yehowa ƒe aɖaka la wɔ gee? Migblɔ alesi miawɔ, hafi aɖoe ɖe eteƒe la na mí! 3 Tete woɖo ŋu bena: Ne miehe, yewoaɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa la, ekema migaɖoe ɖa ƒuƒlu o; ke boŋ mitsɔ avulénu kpe ɖe eŋu! Ekema miaƒe lãme asẽ, eye ne eƒe asi madzo le mia ŋu o hã, mianya. 4 Eye wogblɔ bena: Avulénu ka miatsɔ akpe ɖe eŋu? Woɖo ŋu bena: Miwɔ sikaƒoƒoe atɔ̃ kple sikafi atɔ̃ ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu, elabena dɔvɔ̃ ɖeka ŋugbe va mi katã kple miaƒe amegãwo dzi! 5 Miwɔ miaƒe ƒoƒoeawo kple afi, siwo le miaƒe anyigba gblẽm la, ƒe nɔnɔme, eye miɖe bubu Israel ƒe Mawu la ŋu! Ɖewohĩ ana eƒe asi, si va mia ŋutɔwo kple miaƒe mawuwo kpakple miaƒe anyigba dzi la, dzi naka aɖe. 6 Nukaŋuti miehe, yewoasè dzime, abe alesi Egiptetɔwo kple Farao sẽ dzinye enea? Alo esi wòɖee le eme na wo ɖe, womeɖe asi le wo ŋu wodzo oa? 7 Eyata mifɔ nuwo vɛ, ne miawɔ tasiaɖam yeye ɖeka, eye mikplɔ nyivinɔ eve, siwo womeku kɔkuti kɔ na wo kpɔ o la, kpe ɖe eŋu: mitsi nyinɔawo ɖe tasiaɖam la ŋu, eye milé wo viwo le wo ŋu va aƒee! 8 Mikɔ Yehowa ƒe aɖaka la da ɖe tasiaɖam la me, eye mifɔ sikanu, siwo nye avulénu mietsɔ koe ɖe eŋu la, ɖe aɖakavi me da ɖe exa, eye miɖoe ɖa wòayi. 9 Eye ne miekpɔ bena, ele aƒemɔ ɖo ta Bet-Semes la, ekema eyae he dzɔgbevɔ̃e gã sia va mía dzi; ke ne mele alea o la, ekema míanyae bena, menye eƒe asie va mia dzi o, ke boŋ nua ɖe ƒomevie wɔ mí. 10 Tete ŋutsuawo wɔ alea; wòlé nyivinɔ eve, eye wotsi wo ɖe tasiaɖam la ŋu, ke wotsi ka wo viwo ɖe aƒe. 11 Emegbe wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la kple aɖakavi, si me sikafiawo kple woƒe ƒoƒoe, siwo wowɔ le la, da ɖe tasiaɖam la me. 12 Eye nyinɔwo lé mɔ kɔ ɖo ta Bet-Semes, wòlé mɔ ɖeka hele xɔxlɔ̃m, eye womedze ɖe ɖusi alo mia me o. Eye Filistitɔwo ƒe amegãwo le wo yome vaseɖe Bet-Semes ƒe liƒo dzi. 13 Ke Bet-Semestɔwo le lu ŋem le bali la me, eye wòfɔ kɔ dzi kpɔ aɖaka la; eye esi wokpɔe la, wokpɔ dzidzɔ. 14 Esi tasiaɖam la va Bet-Semestɔ Yosua ƒe agble me, afisi kpe gãa ɖe le la, etɔ ɖe afima. Eye wodze tasiaɖam la wɔ nakee hetsɔ nyinɔwo sa numevɔ na Yehowa. 15 Eye Lewitɔwo kɔ Yehowa ƒe aɖaka la kple aɖakavi, si kpe ɖe eŋu, si me sikanuawo le, eye woda wo ɖe kpe gã la dzi. Eye Bet-Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa gbemagbe. 16 Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo kpɔ eteƒe, eye wogbugbɔ yi Ekron gbemagbe ke. 17 Sikaƒoƒoe, siwo Filistitɔwo tsɔ lé avu Yehowa, wonye si: Asdodtɔ ɖeka, Gazatɔ ɖeka, Askalontɔ ɖeka, Gattɔ ɖeka kple Ekrontɔ ɖeka. 18 Eye sikafiawo le amegã atɔ̃awo ƒe xexlẽme nu, amesiwo le Filistitɔwo ƒe duwo katã nu, tso du, siwo ŋu woɖo gli ɖo gbɔ vaseɖe agblekɔƒewo gbɔ. Kpe gã, si dzi woda Yehowa ƒe aɖaka la ɖo la, le Bet-Semestɔ Yosua ƒe agble me vaseɖe egbe. 19 Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ. 20 Eye Bet-Semestɔwo gblɔ bena: Ameka ate ŋu anɔ te ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia nu? Eye ameka gbɔ woatso mía gbɔ ayi? 21 Tete wodɔ ame ɖo ɖe Kiryat-Yearimtɔwo gblɔ bena: Filistitɔwo gbugbɔ Yehowa ƒe aɖaka la vɛ, miva, ne miakɔe ayi mia gbɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana