Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nubablaɖaka le Dagon ƒe gbedoxɔ me. Fuɖeɖe, si va Filistitɔwo dzi.

1 Ke Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye wotsɔe tso Eben-Ezer va Asdod.

2 Esi Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, wotsɔe va Dagon ƒe me, eye wodae ɖe Dagon gbɔ.

3 Ke esi Asdodtɔwo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye wòfɔ Dagon gatsɔ ɖo eteƒe.

4 Esi wogafɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye ta kpakple asibayawo kple eve dudu le Dagon ŋu, eye wòƒo kponogo ɖi.

5 Eyata Dagon ƒe nunɔlawo kple amesiwo katã dea Dagon ƒe me la, megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod vaseɖe egbe o.

6 Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me.

7 Esi Asdodtɔwo kpɔ bena, ale nɔ ge wòala la, wogblɔ bena: Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la meganɔ mía gbɔ o, elabena eƒe asi sẽ ɖe mía kple miaƒe mawu Dagon dzi.

8 Eye wodɔ ame woɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu va wo gbɔ, eye wogblɔ bena: Aleke miele Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la wɔ gee? Woɖo ŋu be: Mitsɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖo ɖe Gat! Tete woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa.

9 Ke esi aɖaka la va afima la, Yehowa ƒe asi he ŋɔdzi gãa ɖe va ɖu la dzi, eye wòna ƒoƒoe te duametɔwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.

10 Eye woɖo Mawu ƒe aɖaka la ɖe Ekron; ke esi Mawu ƒe aɖaka la va Ekron la, Ekrontɔwo do ɣli gblɔ bena: Woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖe mía gbɔ, be woawu mia kple míaƒe dukɔ la!

11 Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu, eye wogblɔ bena: Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖada ɖe eteƒe, bena magawu mia kple mía dukɔ la o! Elabena dzidzi ƒo du blibo la kutɔkutɔe, eye Mawu ƒe asi sẽ le afima.

12 Amesiwo meku o la, ƒoƒoe te wo, eye du la ƒe ɣli de dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan