1 Samuel 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Filistitɔwo ɖu Israel-viwo dzi, eye wotsɔ nubablaɖaka la dzoe. Eli kple viawo ku. 1 Eye Samuel ƒe nya de Israel blibo gbɔ. Eye Israel ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu; woƒu asaɖa anyi ɖe Eben-Ezer gbɔ, eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Afek. 2 Eye Filistitɔwo ho ɖatɔ Israel, eye aʋa la keke ta. Ke Filistitɔwo si Israel, eye wowu ame akpe ene ɖe aʋagbe dzi. 3 Esi dukɔ la va asaɖa me la, Israel-ame tsitsiwo gblɔ bena: Nukaŋuti Yehowa si mí egbea le Filistitɔwo nu? Mina míayi aɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo va mia gbɔ, ne wòava mía dome aɖe mi tso míaƒe futɔwo si me! 4 Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu. 5 Eye esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va asaɖa me la, Israel blibo la tso aseye hoo, ale be anyigba ʋuʋu. 6 Ke esi Filistitɔwo se aseye la ƒe ɖiɖi la, wogblɔ bena: Aseye gã ka enye si le ɖiɖim le Hebritɔwo ƒe asaɖa me? Eye wose bena, Yehowa ƒe nubablaɖakae va asaɖa la me. 7 Tete Filistitɔwo vɔ, elabena wogblɔ bena: Mawu va asaɖa lãme. Eye wogblɔ bena: Nane wɔ mí, elabena esia tɔgbe medzɔ etsɔ kple nyitsɔ o! 8 Nane wɔ mí tututu! Ameka aɖe mí atso mawu ŋusẽtɔ siawo si me? Woawo nye mawu, siwo tsɔ dɔvɔ̃ geɖewo wu Egiptetɔwo le gbeɖzi! 9 Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu, mi Filistitɔwo, ne miaganye kluvi na Hebritɔwo, abe alesi wonye kluvi na mi tsã ene o! Eyata miwɔ ŋutsu, eye miwɔ aʋa! 10 Filistitɔwo wɔ aʋa la, eye wosi Israel, ale be wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me; woɖu dzi gãa ɖe, eye afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi le Israel ŋu. 11 Woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas tsi aʋa. 12 Eye Benyamintɔa ɖe ƒu du tso aʋagbe dzi va ɖo Silo gbemagbe; awu vuvu le eŋu, eye anyi le ta me nɛ. 13 Esi wòva la, kpɔ ɖa, Eli bɔbɔ nɔ zikpui dzi le agbo nu hele mɔ ta kpɔm, elabena Mawu ƒe aɖaka la na meɖe dzi ɖi o. Eye esi ŋutsu la va gblɔe le dua me la, tete du blibo la do ɣli. 14 Esi Eli se ɣli la ƒe ɖiɖi la, egblɔ bena; Nuka wɔ ameha la le ɣli dom? Enumake ŋutsu la ɖe abla va to nya la na Eli. 15 Eli xɔ ƒe blaasieke vɔ enyi, eye eƒe ŋkuwo tsi, megate ŋu le nu kpɔm o. 16 Ŋutsu la gblɔ na Eli bena: Aʋagbe dzi metso, egbea mesi tso aʋagbe dzi! Eye wòbiae bena: Aleke nya la le, vinye? 17 Dɔla la ɖo ŋu gblɔ bena: Israel si le Filistitɔwo nu, eye wòsi dukɔ la tɔlɔtɔ; viwò eveawo Xofni kple Pinexas hã ku, eye woxɔ Mawu ƒe aɖaka la! 18 Esi wose Mawu ƒe aɖaka ŋkɔ la, emũ tso eƒe zikpui dzi ŋedze ɖe agbo la nu, eye wòtɔ kɔ heku; elabena ame tsitsi wònye, eye kpekpe le eŋu. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blane sɔŋ. 19 Ke fu tsi ɖe lɔ̃xoa, Pinexas srɔ̃ ƒo. Eye esi wose be, woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye toa kple srɔ̃ woku la, ena klo dzi, eye wòdzi vi, elabena fua le eɖum vevie. 20 Eye esi wòle kudɔ ƒom la, amesiwo le tsitre ɖe egbɔ la, gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena ŋutsuvie nèdzi! Ke meɖo ŋu na wo o, eye medo toe o. 21 Eye wòna ŋkɔ ɖevi la bena Ikabod hegblɔ bena: Ŋutikɔkɔe dzo le Israel, elabena woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye toa kpakple srɔ̃a woku. 22 Eye wògblɔ bena: Ŋutikɔkɔe dzo le Israel, elabena woxɔ Mawu ƒe aɖaka la! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana