Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Amalekitɔwo ba Ziklag; Dawid xɔ aboyonuawo le wo si.

1 Esi Dawid kple eƒe amewo gbɔ va Ziklag le ŋkeke etɔ̃agbe la, kpɔ ɖa, Amalekitɔwo va dze dziehenyigba kple Ziklag dzi, eye wòsi Ziklag hetɔ dzoe.

2 Woɖe aboyo nyɔnu, siwo le eme, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, ke womewu amea ɖeke o, boŋ wokplɔ wo, eye wòlé woƒe mɔ hedzo.

3 Esi Dawid kple eƒe amewo va dua me la, kpɔ ɖa, wòtɔ dzoe, eye wòlé woƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo.

4 Tete Dawid kple aʋakɔ, si le eŋu la, fa avi kple ɣli, vaseɖe esime avi meganya le fafam na wo o.

5 Wòlé Dawid srɔ̃ eveawo, siwo nye Yezreeltɔ Axinoam kple Karmeltɔ Nabal srɔ̃ Abigail hã.

6 Eye Dawid xaxa ŋutɔ, elabena aʋakɔ la be, yeaƒu kpee, elabena dzi ku aʋakɔ blibo la dome amesiame le viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo ta; ke Dawid tsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.

7 Eye Dawid gblɔ na nunɔla Abyatar, Aximelex vi bena: Tsɔ kɔmewu la vɛ! Tete Abyatar tsɔ kɔmewu la yi na Dawid.

8 Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mati adzoha sia yomea? Eye matu woa? Eɖo ŋu nɛ bena: Ti wo yome, elabena èle wo tu ge, eye axɔ ameawo!

9 Tete Dawid kple ame alafa ade, siwo le eŋu la, woyi, eye esi wova Besor-tɔʋu nu la, amea ɖewo tsi anyi.

10 Eye Dawid kple ame alafa ene ti wo yome, ke ɖeɖi te ame alafa eve, siwo tsi anyi la ŋu belibeli, ale be womete ŋu atso Besor-tɔʋu la o.

11 Wokpɔ Egipte-ŋutsua ɖe le gbe me, eye wokplɔe va Dawid gbɔe, eye wona aboloe woɖu kpakple tsii wono.

12 Woka gbotsetsebolo hetsɔ weintsetse ƒuƒu kpe ɖe eŋu nɛ woɖu, eye agbe gaɖo eme, elabena ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ sɔŋ meɖu abolo o, eye meno tsi o.

13 Dawid biae bena: Ameka ƒe ame nènye? Eye afika nètso? Eɖo ŋu be: Egipte-ɖekakpui menye, eye menye Amalekitɔa ɖe ƒe dɔla; ke nye aƒetɔ gblẽm ɖi, elabena dɔ dze dzinye ŋkeke etɔ̃agbe enye egbe.

14 Míeyi ɖadze Kretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda-nyigba kpakple Kaleb ƒe dziehe gome dzi, eye mieta dzo Ziklag.

15 Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Màkplɔm ayi adzoha siawo gbɔe oa? Eɖo ŋu bena: Ta Mawu nam be, màwum o, eye màtsɔm ade asi na nye aƒetɔ o, ekema makplɔ wò ayi adzoha siawo gbɔe!

16 Esi wòkplɔe yii la, kpɔ ɖa, wokaka ɖe anyigba blibo la dzi, eye wole nu ɖum le nu nom hele ɣe ɖum le aboyonu geɖe, siwo katã woha tso Filistitɔwo ƒe anyigba kple Yuda-nyigba dzi la ta.

17 Tete Dawid si wo tso ɣetrɔ vaseɖe fiẽ, eye wo dometɔa ɖeke mesi o, negbe ɖekakpuivi alafa ene, siwo do kposɔ si la koe.

18 Eye Dawid xɔ nusiwo katã Amalekitɔwo ha la, eve Dawid xɔ srɔ̃a eveawo hã.

19 Woƒe nusiwo katã woɖe aboyo la, dometɔa ɖe ke mekpɔtɔ o, eɖanye ɖevi alo ame tsitsi, ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo o, Dawid xɔ wo katã gbɔe.

20 Eye Dawid xɔ alẽwo kple nyiwo katã hã, eye wokplɔ wo dze lãha bubuawo ŋgɔ, eye wole gbɔgblɔm bena: Dawid ƒe aboyonu enye si!

21 Esi Dawid va ame alafa eve, siwo ŋu ɖeɖi te belibeli, ale be womete ŋu dze Dawid yome o, amesiwo wògblẽ ɖe Besor-tɔʋu nu gbɔ la, wova kpe Dawid kple aʋakɔ, si le eŋu la; tete Dawid le ɖe aʋakɔ la ŋu, eye wòdo gbe na wo.

22 Tete ame vlo kple yakame, siwo katã le ŋutsu, siwo de kple Dawid dome la gblɔ bena: Esi woawo mede kpli mí o la, eyata miana aboyonu, siwo míexɔ la, ƒe ɖeke wo o; ke boŋ wo dome amesiame nekplɔ srɔ̃a kple viawo ko, ne wòayi!

23 Ke Dawid gblɔ bena: Nɔvinyewo, migawɔ alea o! Yehowae tsɔ nu siawo na mi, ekpɔ mia ta, eye wotsɔ adzoha, siwo va dze mía dzi la, de asi na mí.

24 Ameka aɖo to mi le nya sia me? Ke boŋ amesiwo de aʋa la kple amesiwo tsi nuawo gbɔ la, namãe sɔsɔe; woamã wo hayooe!

25 Eye wotsɔe wɔ se kple kɔnu na Israel tso gbemagbe dzi vaseɖe egbe.

26 Esi Dawid gbɔ va Ziklag la, eɖo aboyonuawo ƒe ɖewo ɖe Yuda-ame tsitsiwo, siwo nye xɔlɔ̃awo la bena: Kpɔ ɖa, mixɔ nunana tso Yehowa ƒe futɔwo ƒe aboyonuwo me!

27 Eɖoe ɖe amesiwo le Betel, amesiwo le Ramot le dziehe kple amesiwo le Yatir;

28 amesiwo le Aroer, amesiwo le Sifmot kple amesiwo le Estemoa,

29 amesiwo le Raxal, amesiwo le Yeraxmeelitɔwo ƒe duwo me kpakple amesiwo le Kenitɔwo ƒe duwo me;

30 amesiwo le Xorma, amesiwo le Bor-Asan kple amesiwo le Atax

31 kpakple amesiwo le Xebron kple teƒe, siwo katã Dawid kple eƒe amewo to.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan