Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Saul le nyɔnu ŋɔliyɔlaa ɖe gbɔ le En-Dor.

1 Eye wòva me le ɣemaɣi bena, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, ne woawɔ aʋa kple Israel. Eye Axis gblɔ na Dawid bena: Nyae be, mia kple wò amewo miele aʋa ho ge kplim!

2 Tete Dawid gblɔ na Axis bena: Enyo, akpɔ nusi wò dɔla le wɔwɔ ge. Axis gblɔ na Dawid bena: Ekema matsɔ wò awɔ ŋunye dzɔlae ɖaa.

3 Samuel ku, eye Israel blibo la fa nɛ, eye woɖii ɖe Rama, eƒe du la me. Ke Saul nyã ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le anyigba la dzi.

4 Esi Filistitɔwo kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem la, Saul hã ƒo Israel blibo la nu ƒu, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilboa.

5 Ke esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔa la, evɔ̃, eye dzika tso eƒo ŋuta.

6 Eye Saul bia nu Yehowa, ke Yehowa meɖo ŋu nɛ le drɔ̃e me loo alo to Urim alo nyagblɔɖilawo dzi o.

7 Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Midi nyɔnua ɖe, si me ŋɔliyɔgbɔgbɔ le la nam, ne mayi egbɔ aɖabia nui ase. Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, nyɔnu ŋɔliyɔlaa ɖe le En-Dor.

8 Tete Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu bubuwo, eye eya kple ŋutsu eve woyi heva nyɔnu la gbɔ le zã me. Eye wògblɔ bena: Ka nu, ne nayɔ ŋɔli nam, eye nakplɔ amesi mayɔ na wò la vɛ nam!

9 Nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò ŋuta ènya nusi Saul wo, eye wotsrɔ̃ ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le anyigba la dzi. Nukaŋuti nèle mɔ trem na nye agbe, be nawum?

10 Tete Saul ta Yehowa nɛ bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ne fɔɖiɖi anɔ dziwò le nya sia me fi!

11 Nyɔnu la gblɔ bena: Ameka yɔ ge mala na wò? Eɖo ŋu bena: Yɔ Samuel nam!

12 Esi nyɔnua kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe. Eye nyɔnu la gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti nèblem? Evɔ wònye wòe nye Saul hafi!

13 Ke fia la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, nuka nèhekpɔ ma? Nyɔnu la ɖo ŋu na Saul bena: Mekpɔ mawua ɖe le dodom tso anyigba tu me.

14 Eye wòbiae bena: Aleke eƒe nɔnɔme le? Eɖo nu bena: Ame tsitsia ɖe le dodom, eye wòɖo awu ʋlaya. Esi Saul dze sii bena, Samuel ye la, ede ta agu, eye wobɔbɔ.

15 Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti neɖe fu nam, eye nèna wokplɔm vɛ? Saul ɖo ŋu bena: Meɖo xaxa me ŋutɔ: Filistitɔwo le aʋa wɔm kplim, ke Mawu trɔ ʋu le yonyeme, eye megale nya ŋu ɖom nam azɔ to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃e me o; eyata mena woyɔ wò vɛ, ne nagblɔ nusi mawɔ la nam!

16 Samuel gblɔ be: Yehowa trɔ ʋu le yowòme hezu wò futɔ; evɔ nukaŋuti nèle nu biamem?

17 Yehowa wɔ, abe alesi wògblɔ to dzinye ene, eye Yehowa xɔ fiaɖuƒe la le asiwò hetsɔ na hawòvi Dawid.

18 Esi meɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye mèwɔ eƒe dɔmedzoe, si wòdo ɖe Amalek ŋu dzi o la, eyata Yehowa le nusia wɔm wò egbea ɖo.

19 Yehowa atsɔ Israel hã ade asi na Filistitɔwo akpe ɖe ŋuwò, eye etsɔ la mía kple viwòŋutsuwo miava gbɔnye, Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.

20 Enumake Saul tsra ɖe anyigba dremu, eye wòvɔ̃ ŋutɔ le Samuel ƒe nyawo ta. Ŋusẽ gɔ̃ hã megale eŋu o, elabena meɖu naneke ŋkeke blibo kple zã blibo la o.

21 Eye nyɔnu la va Saul gbɔ, eye wòkpɔ bena, dzidzi ƒoe ŋutɔ. Tete wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò dɔlanyɔnu sewo gbe; metsɔ nye agbe ɖo asi ƒo me, eye meɖo to wò nya, siwo negblɔ nam.

22 Eyata wò hã ɖo to wò dɔlanyɔnu ƒe gbe, eye na matsɔ abolo via ɖe aɖo akɔwòme, ne naɖu, be ŋusẽ naɖo ŋuwò, hafi nalé wò mɔ!

23 Ke egbe gblɔ bena: Nyemele nu ɖu ge o. Tete eƒe dɔlawo kple nyɔnu la ƒoe ɖe enu, eye wòɖo to woƒe gbe, eye wòtsi tre tso anyigba hebɔbɔ nɔ aba dzi.

24 Nyivi damia ɖe le nyɔnu la si le aƒea me, eye wòɖe abla hetsoe, eye woku wɔ blu hetɔ tatali maʋamaʋã.

25 Eye wòtsɔe va ɖo Saul kple eƒe dɔlawo kɔme, eye woɖui; emegbe; wotso hedzo le zã ma me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan