Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Samuel ƒe ku. Nabal ƒe bometsinu wɔwɔ kple Abigail ƒe avedzedze.

1 Eye Samuel ku, eye Israel blibo la kpe ta hefa konyi nɛ, eye woɖii ɖe eƒe me le Rama. Eye Dawid dze mɔ yi Paran-gbedzi.

2 Ke ŋutsua ɖe nɔ Maon, amesi ƒe dɔwɔƒe le Karmel; alɔme le ŋutsu la si ŋutɔ, alẽ akpe etɔ̃ kple gbɔ̃ akpe ɖeka le esi, eye wòva fu ko ge na eƒe alẽwo le Karmel.

3 Ŋutsu la ŋkɔ nye Nabal, eye srɔ̃ ŋkɔ nye Abigail: nyɔnu la ƒe tagbɔ ka, eye wòdze tugbe, ke ŋutsua enye ŋlɔmitɔ, evɔ̃ɖi, eye wòtso Kaleb-ƒome me.

4 Esi Dawid se le gbeadzi bena, Nabal va fu ko ge na eƒe alẽwo la,

5 Dawid dɔ ɖekakpui ewo gblɔ na wo bena: Miyi Nabal gbɔ le Karmel, ne miaɖado gbe nɛ nam;

6 eye migblɔ na nɔvinye la bena: Edɔa, aƒewòmetɔwo dɔa, wò nuwo katã dɔa?

7 Mese be, èva fu ko ge na alẽwo; wò lãkplɔlawo nɔ mia gbɔ, gake míede fu na wo o, eye woƒe naneke mebu le ŋkeke, siwo katã me wole Karmel o.

8 Bia wò ɖekakpuiawo, ne woagblɔe na wò! Eyata ve wò ɖekakpuiwo nu, elabena ŋkeke nyui dzi mieva. Na nusi le asiwò la wò dɔlawo kple viwò Dawid!

9 Tete Dawid ƒe ɖekakpuiawo va gblɔ nya siawo katã na Nabal le Dawid ƒe ŋkɔ me, eye wole esinu kpɔm.

10 Ke Nabal ɖo ŋu na Dawid ƒe dɔlawo gblɔ bena: Ameka nye Dawid, eye ameka nye Isai vi? Egbe siawo la dɔla geɖewo ɖe wole go dzem le woƒe aƒetɔwo gbɔ.

11 Ɖe matsɔ nye nuɖuɖu kple nye nunono kpakple lã, si mewu na nye fukolawo la, na amesiwo nyemenya afisi wotso oa?

12 Eye Dawid ƒe ɖekakpuiawo gbugbɔ lé woƒe mɔ heva gblɔ nyawo katã nɛ.

13 Tete Dawid gblɔ na eƒe amewo bena: Mia dome amesiame nefa yi! Eye wo dome amesiame ta yi, eye wotso dze Dawid yome, woanɔ ame alafa ene; ke ame alafa eve tsi nuawo gbɔ.

14 Ke ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka va gblɔ na Nabal srɔ̃ Abigail bena: Kpɔ ɖa, Dawid dɔ amewo tso gbedzi do ɖe míaƒe aƒetɔ gbɔ, be woaɖo gbe nɛ, ke eda gbe ɖe wo gbɔ.

15 Ŋutsuawo ƒe dome ko ɖe mía ŋu, womeɖe fu na mí o, eye miaƒe nu suetɔ gɔ̃ hã mebu, ŋkeke alesi miele yiyim kpli wo le gbeadzi o.

16 Gli wonye le mía ŋu le zã kple ŋkeke me, esime miele alẽwo kplɔm le wo gbɔ.

17 Eyata bu ta me nadi nusi nawɔ, elabena woɖo vɔ̃ ɖe míaƒe aƒetɔ kple eƒe aƒe blibo la ŋu; ke eyama la ame vɔ̃ɖi wònye, eye amea ɖeke mekpɔ mɔ aƒo nu de egbɔ o

18 Tete Abigail wɔ kaba tsɔ abolo alafa eve, wein lãgbalẽgolo eve, alẽ atɔ̃, siwo woɖa, bli tɔtɔe dzidzenu atɔ̃, weintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple gbotsetsebolo alafa eve, eye wotso wo ɖo tedziwo dzi.

19 Eye wògblɔ na eƒe ɖekakpuiwo bena: Midze ŋgɔnye; kpɔ ɖa, mele mia yome dze ge! Ke megblɔ nyaa ɖeke na srɔ̃ Nabal o.

20 Esi wòdo tedzi ɖi abu hebu ɖe toa xa la, tete Dawid kple eƒe amewo do ɖe edzi, eye wòƒo go wo.

21 Ke Dawid gblɔ tsã bena: Yakatsyɔ mekpɔ amesia ƒe nuwo katã dzi le gbeadzi, be eƒe nuwo katã dome suetɔ hã mebu o, eye wòtsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam.

22 Mawu afia Dawid ƒe futɔwo agafia wo ɖe dzi, ne makpɔtɔ eƒe ŋutsuwo katã dometɔa de ɖi, hafi ŋu nake fi!

23 Esi Abigail kpɔ Dawid la, ewɔ kaba ɖi le tedzi la dzi, eye wòde ta agu ɖe Dawid ŋku me hebɔbɔ ɖe anyigba.

24 Eye wòdze klo ɖe eƒe afa nu gblɔ bena: Nye aƒetɔ, dzinyee vodada la le! Eyata na wò dɔlanyɔnu naƒo nu ɖe wò to me, eye se wò dɔlanyɔnu ƒe gbe!

25 Nye aƒetɔ megaɖii na Nabal, ŋutsu vɔ̃ɖi sia o: elabena eya kple eƒe ŋkɔe sɔ: eŋkɔ nye Nabal, eye movitɔ wònye; ke wò dɔlanyɔnu mekpɔ nye aƒetɔ ƒe ɖekakpui, siwo wòdo ɖa la o.

26 Eyata nye aƒetɔ, mefa Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa, Yehowa nye amesi xe mɔ na wò, be nagaɖe hlɔ̃fe, eye natsɔ wò asi axa na ɖokuiwò o! Azɔ Nabal nenɔ abe nye aƒetɔ ƒe futɔ, siwo le eƒe gbegblẽ dim la ene!

27 Ke azɔ la xɔ nusiwo wò dɔlanyɔnu tsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na ɖekakpui, siwo kplɔ nye aƒetɔ ɖo la!

28 Tsɔ wò dɔlanyɔnu ƒe vodadawo kee! Yehowa ana nye aƒetɔ ƒe aƒe nali ke, elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nye aƒetɔ la le, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖeke madzɔ ɖe dziwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o!

29 Ne amea ɖe tso ti yowòme, eye wòle wò ku dim la, ekema woabia wò agbe ɖe agbagbeawo ƒe nu me ɖe Yehowa, wò Mawu gbɔ; ke woatsɔ wò futɔwo ƒe agbe ade akafo me aɖa!

30 Eye nenye be, Yehowa na nu nyui, siwo ŋugbe wòdo na wò, nye aƒetɔ, va me nɛ pɛpɛpɛ, eye wotsɔ wò ɖo amegã ɖe Israel nu la,

31 ne nusia maganɔ mɔ me na wò, nye aƒetɔ, eye woaɖu dzi na wò, be wò, nye aƒetɔ, nèkɔ ʋu maɖifɔ ɖi, eye nèxɔ na ɖokuiwò o! Ne Yehowa na wònyo na wò, nye aƒetɔ la, ekema naɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi!

32 Tete Dawid gblɔ na Abigail bena: Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi dɔ wò ɖa nèva kpem egbe!

33 Woakafu wò nunya, eye woakafu wò, amesi xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe, eye nyematsɔ nye asi axɔ na ɖokuinye o!

34 Ɖeko meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, si xe mɔ nam be, nyemagawɔ vɔ̃ wò o la ƒe agbe, ɖe menye ɖe nèɖe abla va kpem o la, anye ne ŋutsua ɖeke makpɔtɔ na Nabal, hafi ŋu nake o.

35 Eye Dawid xɔ nusiwo wòtsɔ vɛ la le esi, eye wògblɔ nɛ bena: Yi aƒe le ŋutifafa me! Kpɔ ɖa, mese wò gbe, eye meve nuwò!

36 Esi Abigail va Nabal gbɔ la, kpɔ ɖa, etu aglo ɖe eƒe me, abe alesi fia tua agloe ene, eye Nabal kpɔ dzidzɔ hemu aha wòtso me; ke megblɔ nya sue alo geɖe nɛ, vaseɖe esime ŋu ke o.

37 Ke esi ŋu ke, eye wein la kɔ le mo na Nabal la, srɔ̃a to nya siawo nɛ; tete dzi fa ɖe dɔ me ne, eye eyama zu kpe ɖi.

38 Le ŋkeke ewo megbe la Yehowa ƒe asi va Nabal dzi, eye woku.

39 Esi Dawid se be, Nabal ku la, egblɔ be: Woakafu Yehowa, si wɔ dzre kple Nabal ɖe ŋukpe, si wòdom la ta, eye wòtsri vɔ̃ na eƒe dɔla, ke Yehowa na Nabal ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va eƒe ta dzi! Tete Dawid dɔ ame ɖa, be woaƒo nu kple Abigail, ne yeaɖee wòanye ye srɔ̃.

40 Eye Dawid ƒe dɔlawo va Abigail gbɔ le Karmel, eye wogblɔ nɛ bena: Dawid dɔ mi ɖe gbɔwò, be yeaɖe wò nanye srɔ̃a.

41 Tete wòtsi tre, eye wotsyɔ mo anyi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.

42 Enumake Abigail wɔ kaba dze mɔ, edo tedzi, eye egbɔ nyɔnu atɔ̃ kpe ɖe eŋu, eye wòdze Dawid ƒe dɔlawo yome, eye wòzu srɔ̃a.

43 Dawid ɖe Axinoam tso Yezreel hã, eye woa kple eve wòzu srɔ̃awo.

44 Ke Saul tsɔ vianyɔnu Mixal, si nye Dawid srɔ̃ la, na Lais vi Palti, tso Galim.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan