1 Samuel 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid xɔ Kegila le Filistitɔwo si, wodo vloe, ti eyome, eye gake woɖee to nukumɔa ɖe dzi. 1 Eye wova gblɔ na Dawid bena: Kpɔ ɖa, Filistitɔwo le aʋa wɔm kple Kegila, eye wole lugbɔƒewo ham. 2 Tete Dawid bia Yehowa bena: Mayi ɖasi Filistitɔ siawoa? Yehowa gblɔ na Dawid bena: Yi, ele Filistitɔwo si ge, eye èle Kegila ɖe ge. 3 Tete Dawid ƒe amewo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, miele vɔvɔ̃m le Yuda afisia tso, hafi míaho ayi Kegila aɖakpe kple Filistitɔwo ƒe aʋalɔgoawoa? 4 Dawid gabia nu Yehowa, eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ ne bena: Tso nayi Kegila, elabena matso Filistitɔwo aɖe asi na wò! 5 Tete Dawid kple eƒe amewo yi Kegila, wowɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye wokplɔ woƒe lãhawo dzoe, eye wowu wo dome ame geɖewo. Ale Dawid ɖe Kegilatɔwo. 6 Esi Aximelex vi Abyatar si va Dawid gbɔ le Kegila la, etsɔ kɔmewu la ɖe asi vɛ. 7 Eye wova gblɔ na Saul bena: Dawid va Kegila. Tete Saul gblɔ bena: Mawu tsoe de asi nam, elabena eva tu eɖokui ɖe du, si nu agbo kple gameti le la me. 8 Eye Saul yɔ dukɔ blibo la ƒo ƒu, be woaho aʋa ɖe Kegila ŋu, eye woaɖe to ɖe Dawid kple eƒe amewo. 9 Esi Dawid dze sii be, Saul ɖo vɔ̃ ɖe ye ŋu le adza me la, egblɔ na nunɔla Abyatar bena: Tsɔ kɔmewu la vɛ! 10 Eye Dawid gblɔ be: Yehowa, Israel ƒe Mawu, wò dɔla se be, Saul le didim be, yeava Kegila, eye yeagblẽ du la le tanye. 11 Ɖe Kegilatɔwo atsɔm ade asi nɛa? Eye ɖe Saul le vava ge, abe alesi wò dɔla se enea? Yehowa, Israel ƒe Mawu, ɖee fia wò dɔla dzro! Yehowa gblɔ bena: Ele vava ge. 12 Eye Dawid gblɔ bena: Ɖe Kegilatɔwo atsɔ mía kple nye amewo ade asi na Saul mahã? Yehowa ɖo ŋu bena: Woatsɔ mi ade asi. 13 Tete Dawid kple eƒe amewo, woanɔ ame alafa ade, wodze mɔ, eye wodzo tso Kegila ɖo ta afisiafi le yiyim ko. Esi wova gblɔe na Saul be, Dawid si tso Kegila la, etasi hoho la. 14 Eye Dawid nɔ bebeƒewo le gbedzi kple towo dzi; eye Saul du ŋkekeawo katã, gake Mawu metsɔe de asi nɛ o. 15 Eye Dawid kpɔ bena, Saul ho be, yeadi eƒe ku. Ke Dawid le ave me le Sif-gbedzi. 16 Eye Saul vi Yonatan dze ma yi Dawid gbɔ le ave la me, eye wotso Mawu de dzi ƒo nɛ. 17 Eye wògblɔ ne bena: Megavɔ̃ o, elabena fofonye Saul ƒe asi matu wò o, eye wòe le fia ɖu ge ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò, eye fofonye hã nyae alea. 18 Eye woa kple eve la wobla nu le Yehowa ŋku me; Dawid tsi ave la me, ke Yonatan yi aƒe. 19 Eye Siftɔwo va Saul gbɔ le Gibea gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Dawid ɣla eɖokui ɖe mía gbɔ le bebeƒe ɖe ave me le Xaxila-togbɛ, si le gbegbe ƒe dziehe la dzi. 20 Eyata fia, ne enya dze ŋuwò nèbe, yeayi ko la, ekema va mía gbɔ, eye míatsɔe ade asi na fia la. 21 Saul gblɔ bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve nunye! 22 Miyi ɖadi eme tsitotsito, ne mianya, eye miakpɔ teƒe, si eƒe alo le, kpa kple amesi kpɔe le afima; ela bena wogblɔ nam bena, edze adaŋu ŋutɔ. 23 Eyata miyi ɖadii le bebeƒe, siwo katã wòɣla ɖo la, eye ne mienyae vavã la, ekema migbugbɔ va gbɔnye, ne mayi kpli mi! Nenye be, ele anyigba la dzi la, ekema madii le Yuda ƒe ame akpeawo katã dome. 24 Eye wotso dze Saul ŋgɔ heyi Sif; ke Dawid kple eƒe amewo le Maon-gbedzi le gbadzaƒe, si le gbegbe la ƒe dziehe gome. 25 Esi Saul kple eƒe amewo yi edi ge, eye wova gblɔe na Dawid la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ ɖanɔ Maon-gbedzi. Ke esi Saul see la, eti Dawid yome va Maon-gbedzi. 26 Saul le to la ƒe go si me, ke Dawid kple eƒe amewo le to la ƒe go keme me; eye Dawid wɔ kaba, be yeasi le Saul nu, ke Saul kple eƒe amewo ɖe to ɖe Dawid kple eƒe amewo, be yewoalé wo. 27 Tete ame dɔdɔa ɖe va Saul gbɔ gblɔ bena: Nètsɔ nava, elabena Filistitɔwo va ƒo ɖe anyigba la dzi! 28 Eye Saul gbugbɔ tso Dawid yometiƒe heyi ɖakpe Filistitɔwo. Eyata wona ŋkɔ teƒe ma bena kaklãgakpe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana