Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid ƒe sisi.

1 Eye Dawid dzo le afima hesi yi Adulam-gado la me, eye esi nɔviawo kple fofoaƒemetɔwo katã see la, woyi egbɔ le afima.

2 Eye hiãtɔwo, fenyilawo kple amesiwo katã dome le vevem la, va kpe ta ɖe eŋu, eye wòzu woƒe tatɔ; amesiwo le eŋu la, woanɔ ame alafa ene.

3 Eye Dawid dzo tso afima heyi Mizpe le Moab, eye wògblɔ na Moab-fia bena: Taflatse, na fofonye kple danye naʋu ava mia gbɔ, vaseɖe esime manya, alesi Yehowa awɔ nam!

4 Eye wòkplɔ wo va Moab-fia gbɔe, eye wotsi egbɔ ŋkeke, siwo katã Dawid nɔ mɔ̃ me le to dzi.

5 Ke nyagblɔɖila Gad gblɔ na Dawid bena: Megatsi mɔ̃ me le to la dzi o, ke boŋ yi Yuda-nyigba dzi! Eye Dawid dzo heva ave me le Xarel.


Saul na wowu nunɔla 85 to vlodola Doeg dzi.

6 Eye Saul se Dawid kple amesiwo le eŋu la ŋkɔ. Ke Saul bɔbɔ nɔ to dzi le baniti te le Gibea; ele eƒe akplɔ ɖe asi, eye eƒe dɔlawo tsi tre ƒo xlãe.

7 Tete Saul gblɔ na eƒe dɔla, siwo tsi tre ƒo xlãe la bena: Mi Benyamin-viwo, misee! Ɖe Isai vi la atsɔ agblewo kple weinbɔwo na mi katã? Eye ɖe wòaɖo mi katã amegãwoe ɖe ame akpe kple ame alafa nu,

8 hafi mi katã miebla ɖe ŋunye, eye amea ɖeke meli tofi nam be, vinye bia nu kple Isai vi la o, eye nye nya meɖi amea ɖeke, ne wòafi tofi nam be, vinye na nye futɔ de xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia ene oa?

9 Tete Edomtɔ Doeg, amesi tsi tre ɖe Saul ƒe dɔlawo gbɔ, ɖo ŋu gblɔ bena: Mekpɔ Isai vi la, esime wòva Axitub vi Aximelex gbɔ le Nob.

10 Ebia nu Yehowa nɛ, etsɔ mɔ dzi nuɖuɖu ne, eye wotso Filistitɔ Goliat ƒe yi ne.

11 Tete fia la da be, wòayi aɖayɔ nunɔla Aximelex, Axitub vi, kple fofoa ƒemetɔwo katã, siwo nye nunɔlawo le Nob la vɛ, eye wo katã wova fia la gbɔ.

12 Eye Saul gblɔ bena: Axitub vi, se gbe! Eɖo ŋu bena: Nyee nye si, aƒetɔ!

13 Saul gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti mia kple Isai vi la miebla ɖe ŋunye? Etso abolo kple yi ne, eye nèbia nu Mawu nɛ, ne wòaɖe xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia enea?

14 Tete Aximelex ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Ameka le wò dɔlawo katã dome, si woa nuteƒe abe Dawid ene, amesi nye fia ƒe to, eye wònye amegã ɖe ŋuwò mewo nu, eye bubu le eŋu le aƒewò me?

15 Egbee mede asi nubiabia me Mawu nɛa? Esia nede megbe xaa tso gbɔnye! Fia megada nya ɖe eƒe dɔla kple fofonye ƒe aƒe blibo la dzi o, elabena wò dɔla mese nya suetɔ alo geɖe le nusiawo katã ŋu o.

16 Tete fia la gblɔ bena: Wò Aximelex kple fofowò ƒe aƒemetɔwo katã miaku!

17 Eye fia la gblɔ na blafo, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Mile yi, ne miawu Yehowa ƒe nunɔlawo, elabena woawo hã ƒe asi le Dawid ƒe nya me, eye wonyae bena, ɖe wòsi, gake womeva fi tofi nam o! Ke fia ƒe dɔlawo melɔ̃ be, yewoado yewoƒe asi ɖa ada nu Yehowa ƒe nusiawo o.

18 Tete fia la gblɔ na Doeg bena: Wòa te yi, ne nada nu nunɔlawo! Enumake Edomtɔ Doeg te yi heda nu nunɔlawo, eye wowu ŋutsu blanyi va atɔ, siwo do aklalakɔmewuwo la gbemagbe.

19 Etsɔ yi tsrɔ̃ Nob, si nye nunɔlawo ƒe du la, eye wotsɔ yi wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple tedziwo kpakple alẽwo.

20 Eye Axitub vi, Aximelex ƒe vi ɖeka, si ŋkɔ nye Abyatar la, si dze Dawid yome.

21 Eye Abyatar gblɔ na Dawid bena: Saul wu Yehowa ƒe nunɔlawo!

22 Tete Dawid gblɔ na Abyatar bena: Gbemagbe, esi Edomtɔ Doeg le afima la, menyae bena, eyina egblɔ ge na Saul. Nyee ɖi fɔ le fofowò ƒemetɔwo katã ƒe ku me.

23 Tsi gbɔnye, megavɔ̃ o, elabena amesi le nye ku dim la, eya aɖi wò hã wò ku; èkpɔ sitsoƒe le gbɔnye.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan