Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunɔla Aximelex tsɔ ŋkumeɖobolo kple Goliat ƒe yi na Dawid.

1 Eye wòdze mɔ heyi, eye Yonatan va dua me.

2 Eye Dawid va nunɔla Aximelex gbɔ le Nob; tete Aximelex ɖe abla va kpe Dawid, eye wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti wò ɖeka neva, eye amea ɖeke mekpe de ŋuwò o?

3 Dawid do ŋu na nunɔla Aximelex bena: Fia de gbe asi nam, eye wògblɔ nam bena: Megana amea ɖeke nase afime hã le nya, si gbe medɔ wò do, kple gbe, si mede asi na wò la ŋu o! Eye megblẽ ɖekakpuiawo de teƒea ɖe.

4 Eyata nuka le asiwò? Na abolo atɔ ato nusi nya le asiwò lam!

5 Nunɔla la gblɔ na Dawid bena: Abolo dzodzroa ɖeke mele asinye o, negbe abolo kɔkɔe koe li; ne ɖekakpuiawo nya kpɔ wo ɖokui dzi le nyɔnu gome ko.

6 Dawid ɖo ŋu na nunɔla la gblɔ nɛ bena: Wotsri nyɔnu na mi etsɔ kple nyitsɔ, hafi medze mɔ, eye ɖekakpuiawo ŋutinuwo ŋuti kɔ, evɔ wonye afɔ vɔ̃ dzi mele hafi; aleke abolo la ŋu makɔ le wo ŋutinuwo me egbea oa?

7 Eye nunɔla la tsɔ nu kɔkɔe la nɛ, elabena aboloa ɖeke meli o, negbe ŋkumeɖobolo, si woɖe ɖa le Yehowa ŋku me, be woatsɔ abolo dzodzoe ada di le gbesigbe woɖee ɖa la koe.

8 Ke Saul ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka le afima, amesi wosika ɖe Yehowa ŋku me gbemagbe; eŋkɔ nye Doeg, Edom-tɔ, si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã.

9 Eye Dawid gblɔ na Aximelex bena: Akplɔ alo yia ɖeke mele asiwò le afisia oa? Nyemetsɔ nye yi alo aʋawɔnua ɖeke ɖe asi o, elabena fia ƒe nya la le kplakplakpla dzi.

10 Nunɔla la gblɔ bena: Filistitɔ Goliat, amesi nèwu le logotibali me la, ƒe yi li; kpɔ ɖa, wòbia avɔ ɖe eŋu, wòle kɔmewu la megbe; ne èbe, yeaxɔe la, axɔe, elabena bubua ɖeke mele afisia kpe ɖe eŋu o. Dawid gblɔ bena: Etɔgbea ɖeke meli o, tsɔe nam!


Dawid si yi ɖe fia Axis gbɔ.

11 Eye Dawid dze mo gbemagbe hesi le Saul nu, eye wòva Gat-fia Axis gbɔ.

12 Tete Axis ƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Ɖe menye eya nye Dawid, anyigba dzi fia la oa? Alo menye eya ŋu wodzi ha heɖu ɣe le bena: Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane oa?

13 Nya siawo de dzi gbɔ na Dawid, wòde asi Gat-fia Axis vovɔ̃ me.

14 Tete wòdo tsu eɖokui le woƒe ŋku me, eye wòle aɖaʋanu wɔm le wo si me, ele agbo la kukom, eye ade le tsyɔtsyɔm ɖe gè me nɛ.

15 Eye Axis gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Miekpɔ be, aɖaʋatɔ enye amesia, nukaŋuti miekplɔe va gbɔnyee?

16 Alo aɖaʋatɔ ƒe koe le wɔyem, hafi miekplɔe vɛ, be wòawɔ aɖaʋanu le gbɔnyea? Amesiae age ɖe aƒenye mea?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan