1 Samuel 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid kple Yonatan woɖo kpe woƒe xɔlɔ̃ wɔwɔ dzi. 1 Eye Dawid si tso Nayot le Rama heva ƒo nu kple Yonatan gblɔ bena: Nuka mewo, vo ka meda, eye nuvɔ̃ ka mewo ɖe fofowò ŋu, hafi wòle nye ku dim? 2 Eɖo ŋu nɛ bena: Esia nede megbe xaa, mèle kuku ge o! Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa nu gã alo nu suea ɖeke, ne meɖee fiãm hafi o; nukaŋuti fofonye aɣla nusia ɖem? Mele alea o. 3 Ke Dawid gaka atam gblɔ bena: Fofowò nyae be, mèlɔ̃a nu le gbɔnye o, eyata wobu be, Yonatan meganyae, ne wòavee o! Ke meta Yehowa ƒe agbe kple wò siaa: Ne afɔɖeɖe ɖeka le mía kple ku dome fi! 4 Tete Yonatan gblɔ na Dawid bena: Gblɔ nusi mawɔ na wò! 5 Dawid gblɔ na Yonatan bena: Kpɔ da, etsɔ enye dzinu yeye, eye wòle nam be, mayi nuɖuƒe kple fia hafi; eyata na mayi ɖaɣla ɖokuinye de gbe me vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia ƒe fiẽ! 6 Ne fofowò bia tanye la, ekema gblɔ be: Dawid bia gbem be, yeade abla ayi yewo de Betlexem, elabena ƒome blibo la le ƒevɔ sa ge le afima. 7 Ne egblɔ be, enyo la, ekema wò dɔla ŋu fa; ke ne edo dɔmedzoe la, ekema nyae be, eɖo vɔ̃ ɖe tame. 8 Eyata ve wò dɔla nu, elabena mía kple wò dɔla míeɖo Yehowa ƒe nubabla me. Ne meda vo la, ekema wum, nukaŋuti nakplɔm ayi fofowò gbɔe? 9 Yonatan gblɔ bena: Esia nede megbe xaa tso gbɔwò, ne menyae be, fofonye do vɔ̃ ɖe ŋuwò, eye nyemeva gblɔe na wò o! 10 Eye Dawid gblɔ na Yonatan bena: Ne fofowò da gbe de gbɔwò la, amekae hele egblɔ ge nam ma? 11 Tete Yonatan gblɔ na Dawid bena: Va miyi gbe me! Eye woa kple eve la woyi gbe me. 12 Eye Yonatan gblɔ na Dawid bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu! Ne medi nya le fofonye nu nyitsɔ wɔale siawo, eye kpɔ ɖa, eƒe dome kɔ ɖe Dawid ŋu, eye nyemedɔ wova gblɔe ɖe to me na wò o la, 13 ekema Yehowa nafia Yonatan agafiae ɖe dzi! Ne fofonye ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò kplikpaa la, ekema mava gblɔe ɖe to me na wò, eye mado mɔ wò nayi le ŋutifafa me. Yehowa anɔ kpli wò, abe alesi wònɔ kple fofonye tsã ene! 14 Ne metsi agbe la, maɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ afiam, be nyemagaku oa? 15 Eye ne Yehowa tsrɔ̃ Dawid ƒe futɔwo dome ɖesiade ɖa le anyigba dzi la, megana wò lɔlɔ̃ la nu natsɔ le aƒenye me o tegbee! 16 Ale Yonatan bla nu kple Dawid gblɔ bena: Yehowa abia hlɔ̃ Dawid ƒe futɔwo! 17 Eye Yonatan gaka atam na Dawid de dɔla, si wotsɔ lɔ̃e la dzi; elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ dokui ene. 18 Eye Yonatan gblɔ nɛ bena: Etsɔe nye dzinu yeye, eye wole tawo bia ge, elabena wò nɔƒe aɖi gbɔlo. 19 Eye nyitsɔ la nade abla ayi afisi nèɣla ɖokuiwò do le gbedzrogbe, eye nabɔbɔ nɔ Asel-kpe la gbɔ! 20 Mele aŋutrɔ etɔ da ge de exa, abe nanee medzidze ene. 21 Eye madɔ ɖekakpuia ɖe ɖa agblɔ be: Yi ɖadi aŋutrɔwo! Ne megblɔ na ɖekakpui la be: Kpɔ ɖa, aŋutrɔwo le megbewò afi, fɔ wo vɛ la, ekema gbugbɔ, elabena ŋuwò fa, eye nyaa ɖeke meli o; mefa Yehowa ƒe agbe! 22 Ke ne megblɔ na ɖekakpui la bena: Kpɔ ɖa, aŋutrɔwo le ŋgɔwò afime la, ekema yi, elabena Yehowa do mo wò! 23 Kpɔ ɖa, nya, si mía kpli wò miegblɔ egbe la, Yehowa ano mia kpli wò dome tegbee! 24 Eye Dawid ɣla eɖokui ɖe gbea me. Esi dzinu yeye do la, fia la bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu, be yeaɖu nu. 25 Eye fia la bɔbɔ nɔ eteƒe xoxoa le gli ŋu, eye Yonatan tsi tre hena Abner bɔbɔ nɔ Saul ŋu, ke Dawid nɔƒe ɖi gbɔlo. 26 Ke Saul megblɔ nyaa ɖeke gbemagbe o, elabena ebu be, nanee dzɔ ɖe edzi, ale be eŋu manya kɔ o; eŋutie mekɔ o kokoko. 27 Esi Dawid nɔƒe ɖi gbɔlo le dzinu yeye ƒe ŋkeke evelia dzi la, Saul bia via Yonatan bena: Nukaŋuti Isai vi la meva nuɖuƒe etsɔ kple egbe oa? 28 Yonatan ɖo ŋu na Saul bena: Dawid bia gbem be, yeayi Betlexem. 29 Egblɔ be: Na mayi, elabena míaƒe ƒome le vɔ sa ge le dua me, eye nɔvinye ɖo du ɖem: ne ève nunye la, ekema ɖe mɔ nam, ne mayi aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa. Eyata meva fia ƒe kplɔ̃ ŋu o ɖo. 30 Tete Saul do dɔmedzoe ɖe Yonatan ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Wò nyɔnu tsigbe ƒe vi! Menyae be, ètia Isai vi la, be natsɔ ado ŋukpe ɖokuiwò kple dawo ƒe ama. 31 Elabena ŋkeke alesi Isai vi la le agbe le anyigba dzi la, mia kple wò fiaɖuƒe mali ke o; eyata ɖo, ne woakplɔe vɛ nam, elabena kuvi wònye! 32 Yonatan ɖo ŋu na fofoa Saul gblɔ ne bena: Nukata woaku ɖo, eye nuka wòwɔ? 33 Enumake Saul da akplɔe, be yeatɔe. Tete Yonatan dze sii, be ye fofoa ɖo be, yeawu Dawid. 34 Eye dzi ku Yonatan vevie, wòtsi tre le kplɔ̃a ŋu, eye meɖu nu le dzinu yeye ƒe ŋkeke evelia dzi o; elabena ele nu xam le Dawid ta, elabena fofoa do ŋukpee. 35 Esi ŋu ke la, Yonatan yi gbe me, afisi eya kple Dawid woɖo ɖi, eye ŋutsuvi suea ɖe kpe ɖe eŋu. 36 Eye wògblɔ na ŋutsuvi la bena: Ƒu du, nadi aŋutrɔ, siwo da ge mala! Tete ŋutsuvi la ƒu du, eye wòda aŋutrɔ to eta. 37 Esi ŋutsuvi la va, afisi Yonatan da aŋutrɔ wòdze la, Yonatan do ɣli ɖe ŋutsuvi la yome gblɔ bena: Aŋutrɔ la nye kem le ŋgɔwò afime! 38 Yonatan gado ɣli ɖe ŋutsuvi la yome bena: Ɖe abla, nètso, megate o! Eye Yonatan ƒe ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo va eƒe aƒetɔ gbɔ. 39 Ke ŋutsuvi la menya naneke me o, negbe Yonatan kple Dawid koe nya nya la. 40 Yonatan tsɔ eƒe nuawo na ŋutsuvi, si kpe ɖe eŋu la, eye wògblɔ nɛ bena: Tsɔ wo yi dua me! 41 Esi ŋutsuvia dzo la, tete Dawid tsi tre tso dziehe gome, eye wòde ta agu hebɔbɔ zi etɔ̃, eye woɖuɖɔ nu na wo nɔewo heta avi kple wo nɔewo, vaseɖe esime Dawid ƒe gbe sẽ wu. 42 Eye Yonatan gblɔ na Dawid bena: Yi le ŋutifafa me; nusi dzi mía ame eve míeka atam ɖo le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi bena, Yehowa nanɔ mía kple wò, nye dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo dome la, nanɔ anyi tegbee! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana