Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Xana dzi kafukafuha.

1 Eye Xana do gbe ɖa gblɔ bena: Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me, eye nye dzo do lɔƒuu le Yehowa me, nye nu ké baa ɖe nye futɔwo ŋu, elabena wò ɖeɖe ladzɔ dzi nam!

2 Amea ɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o, ɖeke mekpe ɖe ŋuwò o, eye agakpea ɖeke meli abe mía Mawu la ene o!

3 Miganɔ adegbe ƒom atraɖii o, eye nya vlo meganɔ dodom le mia nu o! Elabena nunyawo ƒe Mawu enye Yehowa, amesi ɖaa nuwɔwɔwo kpɔ na.

4 Kalẽtɔwo ƒe dati ŋe kliklikli eye ame benɔwo tsɔ ŋusẽ bia ali dzi;

5 wotsɔ abolo tɔ agbate ƒoɖilawo, ke dɔwuitɔwo tasi agbatetsɔtsɔ. Konɔ ke hã dzi adadre, ke vi geɖe dzila ƒe dɔ lé ayi.

6 Yehowa wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame, edea ame tsiẽ, eye wògahea ame ɖoa goe.

7 Yehowa wɔa ahetɔ kple kesinɔtɔ, eyae ƒua ame anyi, eye wògafɔa ame ɖe dzii.

8 Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.

9 Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo ƒe afɔ dzi, ke ame vlowo atsrɔ̃ ɖe viviti me; elabena ame ƒe ŋusẽ mena wòzua dziɖula o.

10 Yehowa atsrɔ̃ eƒe futɔwo, eye wòaɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu anyigba ƒe mlɔenuwo. Ana ŋusẽ eƒe fia, eye wòana eƒe amesiamina la ƒe dzo nado lɔƒuu!

11 Emegbe Elkana dzo yi eƒe xɔ nu le Rama; ke ɖevi la zu subɔla na Yehowa le nunɔla Eli gbɔ.


Eli-viwo ƒe nu tovo wɔwɔ.

12 Ke Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya

13 kple kɔnu, si le nunɔlawo si ɖe dukɔa ŋu la me o. Ne amea ɖe sa vɔ, eye wòle lã ɖam la, ekema nunɔla ƒe dɔla léa gaflo nuetɔ̃e ɖe asi vɛ,

14 eye wòtɔ lãwo le gaze alo ze, kutu alo agba me, eye nunɔla la tsɔa nusianu, si gaflo la he ɖi goe la, na eɖokui. Alea wowɔna ɖe Israel blibo, si va Silo la ŋu.

15 Ɖewo la nunɔla ƒe dɔla vana, hafi woava lɔ dzo amiawo, eye wogblɔna na amesi tsɔ vɔsa vɛ bena: Tsɔ lã vɛ, ne woatɔ na nunɔla, elabena mele lã bibi dim tso asiwò o, ke boŋ mumua.

16 Ne ame la do ŋu be: Na woatɔ dzo amiawo gbɔ, emegbe hã axɔ nusianu, si dze ŋuwò la, ekema egblɔna be: Gbeɖe, ke boŋ nae tititi, ne menye nenem o la, maxɔe kple sesẽ!

17 Eye dɔlawo ƒe vodada sɔ gbɔ le Yehowa ŋku me, elabena woɖi gbɔ Yehowa ƒe vɔsa le ameawo ŋku me.

18 Ke Samuel subɔna le Yehowa ŋku me, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu

19 Gake dadaa tɔa dziwui ɖagbia ɖe vana nɛ ƒe sia ƒe, ne eya kple srɔ̃a wova ƒevɔ sa ge.

20 Emegbe Eli yra Elkana kple srɔ̃a gblɔ bena: Yehowa ana nyɔnu sia nadzi vu na wò natsɔ ɖo amesi nèbia Yehowa la teƒe! Eye wogbugbɔ yi wo nɔƒe.

21 Yehowa ɖo ŋku Xana dzi, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi etɔ kple nyɔnuvi eve. Ke Samuel ɖevi la tsi le Yehowa gbɔ.

22 Ke Eli ku amegã ɖeɖi, eye wose nusiwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu kple alesi wonɔa nyɔnu, siwo le dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔ nu la gbɔ dɔmee.

23 Eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele nusia tɔgbe wɔm? Elabena mese miaƒe nu vlo wɔwɔwo le dukɔ blibo sia nu.

24 Menyo o hee, vinyewo! Elabena nya, si Yehowa ƒe dukɔ la le gbɔgblɔm mese la, menye nya nyui wònye o!

25 Ne amegbetɔ da vo ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo tsoa eme; ke ne amegbetɔ da vo ɖe Yehowa ŋu la, ameka aɖe kuku ɖe eta? Ke womese wo fofo ƒe gbe o, elabena Yehowa ɖo be, yeawu wo.

26 Ke Samuel ɖevi la tsi ɖe dzi, eye eƒe nu nyo Yehowa kple amegbetɔwo ŋu.


Eli ƒe aƒe ƒe gbegblẽ gbɔgblɔɖi.

27 Eye Mawu ƒe amea ɖe va Eli gbɔ gblɔ nɛ bena: Yehowa ƒe gbe enye si: Meɖe ɖokuinye fia fofowò ƒe aƒe, le esime wonye kluviwo le Farao ƒe me le Egipte.

28 Metiae tso Israel-towo katã dome, be wòanye nunɔla nam, eye woate ɖe nye vɔsamlekpui la ŋu, woatso nu ʋeʋẽe ado dzudzɔe, eye wòado kɔmewu la le ŋkunye me, eve metso Israel-viwo ƒe dzovɔsawo katã na fofowò ƒe aƒe la

29 Nukaŋuti miedo vlo nye vɔsalã kple nye nuɖuvɔsa, siwo meɖo hena nye nɔƒe la? Ebu viwòwo wum, eye mieɖu nye dukɔ ƒe vɔsanu nyuitɔwo da ami!

30 Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.

31 Kpɔ ɖa, ŋua ɖe le keke ge, eye mala wò alɔ kple fofowò ƒe alo ɖa, ale be ame tsitsia ɖeke maganɔ aƒewò me o.

32 Eye nu nyui, siwo katã mawɔ na Israel la, abia ŋu na wò, si nye nye nɔƒe la ƒe futɔ; ke ame tsitsia ɖeke manɔ aƒewò me akpɔ o.

33 Gake wò ƒometɔ ɖeka ko nyematsrɔ̃ ɖa le nye vɔsamlekpui la gbɔ o, ne mana eƒe ŋkuwo nalé ayi, eye agbe nanye hiã nɛ; ke aƒewòmeviwo aku le ɖekakpui dzodzo me.

34 Nusi ava viwòwo kple eve Xofni kple Pinexas dzi la, anye dzesi na wò: Woa kple eve la woaku gbe ɖeka!

35 Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa

36 Eye amesiwo akpɔtɔ ɖe aƒewò me la, dome ɖesiaɖe ava dze klo ɖe eŋku me, eye woabia ga kple aboloe agblɔ bena. Tsɔm kpe ɖe wò amesiwo le nunɔladɔ wɔm la ŋuti, ne makpɔ abolo aɖu!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan