1 Samuel 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Saul ti Dawid yome, eye wòsi yi Samuel gbɔ. 1 Eye Saul gblɔ na via Yonatan kple eƒe dɔlawo katã bena, woawu Dawid; ke Dawid ƒe nu lé dzi na Saul vi Yonatan. 2 Eye Yonatan va gblɔe na Dawid bena: Fofonye Saul le didim be, yeawu wo; eyata kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie etsɔ, eye nahe ɖe ɣaɣlaƒe! 3 Ke nye la mayi adatsi tre ɖe fofonye gbɔ le gbedzi, afisi nèle, eye maƒo nu le ŋuwò na fofonye, eye ne mekpɔ, alesi wòle la, mava gblɔe na wò. 4 Eye Yonatan ƒo nu nyuie le Dawid ŋu na fofoa Saul gblɔ nɛ bena: Fia megada vo ɖe eƒe dɔla Dawid ŋu o, elabena meda ƒu ɖe ŋuwò o, ke boŋ nusiwo wòwɔ la, wò nyui ko wonye. 5 Etsɔ eƒe agbe ɖo asiƒo me hewu Filistitɔ la, eye Yehowa ɖu dzi gãa ɖe na Israel blibo la. Wo ŋutɔ èkpɔe, eye dzi dzɔ wò; nukaŋuti nèbe, yeada vo ɖe ʋu maɖifɔ ŋu ahawu Dawid dzodzro? 6 Tete Saul ɖo to Yonatan ƒe gbe, eye Saul ka atam bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ne woawui fi! 7 Tete Yonatan yɔ Dawid hegblɔ nyawo katã nɛ, eye Yonatan kplɔ Dawid vɛ na Saul wònɔ egbɔ abe tsã ene. 8 Eye aʋa gadzɔ, eye Dawid yi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye wowu wo dometɔ geɖewo ŋutɔ, ale be wòsi le wo nu. 9 Gbɔgbɔ vɔ̃ gatso Yehowa gbɔ va dze Saul dzi, esime wobɔbɔ nɔ eƒe me, eye eƒe akplɔ le esi; ke Dawid tsɔ asi le saŋku ƒomi. 10 Eye Saul di be, yeatɔ akplɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu, ke ede axa na Saul, eye akplɔ la yi ɖatɔ gli. Eye Dawid si dzo le zã ma me. 11 Tete Saul dɔ amewo ɖo ɖe Dawid ƒe me, be woadzɔ eŋu, eye ne ŋu ke la, woawui. Eye Dawid srɔ̃ Mixal gblɔ nɛ bena: Ne mèɖe wò agbe le zã sia me o la, ekema ne ŋu ke la, àku! 12 Eye Mixal ɖiɖi Dawid to fesre nu, eye wòsi dzo heyi. 13 Eye Mixal tsɔ aklama kpakpɛ da de aba dzi, etsɔ gbɔ̃fuvɔ ɖo eƒe tade, eye wotsyɔ avɔ nɛ. 14 Tete Saul ɖɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖakplɔ Dawid ve; ke egblɔ be, ele dɔ lém. 15 Eye Saul dɔ amewo ɖo ɖa, ne woaɖakpɔ Dawid ɖa gblɔ bena: Miyi ɖakɔ eya kple abati la vɛ nam, ne mawui! 16 Esi dɔlawo va la, kpɔ ɖa, aklama kpakpɛ le aba dzi, eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tade. 17 Tete Saul gblɔ na Mixal bena: Nukaŋuti nèflum, eye neɖe asi le nye futɔ ŋu wòsii? Mixal ɖo ŋu na Saul bena: Egblɔ nam be, ɖe asi le ŋunye mayi, ne menye nenem o la, mawu wò! 18 Ke Dawid si dzo, eye wòva Samuel gbɔ le Rama hegblɔ nusiwo katã Saul wɔe la, na Samuel, eye eya kple Samuel wònɔ Nayot. Saul hã le nyagblɔlawo dome. 19 Tete wova gblɔe na Saul be: Kpɔ ɖa, Dawid le Nayot le Rama. 20 Enumake Saul dɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖakplɔ Dawid va; ke esi wokpɔ nyagblɔɖilawo ƒe ha le nya gblɔm ɖi, eye Samuel nye tatɔ le wo nu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va Saul ƒe dɔlawo dzi, ale be woawo hã gblɔ nya ɖi. 21 Eye wova gblɔe na Saul, tete wòda dɔla bubuwo ɖo ɖa, eye woa wo hã gblɔ nya ɖi. 22 Tete eya ŋutɔ yi Rama, eye esi wòva ɖo ʋe gã, si le Sexu gbɔ la, ebia bena: Afika Samuel kple Dawid wole? Woɖo ŋu be: Kpɔ ɖa, wole Nayot le Rama. 23 Eye wòyi Nayot le Rama. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ la va eya hã dzi, eye wòde asi nyagbɔgblɔ me ɖi le yiyim, vaseɖe esime wòva Nayot le Rama. 24 Eye eya hã ɖe eƒe awuwo ɖi hede asi nyagbɔgblɔ me ɖi le Samuel ŋku me, eye wòɖe ama ɖi ŋkeke blibo ma kple zã blibo la. Eyata wogblɔna be: Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea? |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana