Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid dze xɔlɔ̃ Yonatan; dukɔ la kafui, gake Saul lé fui.

1 Esi wòƒo nu kple Saul vɔ la, Dawid ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.

2 Eye Saul xɔe gbemagbe, eye meɖe mɔ nɛ be, wòagbugbɔ ayi fofoa ƒe me o.

3 Eye Yonatan kple Dawid wòbia nu, elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.

4 Eye Yonatan ɖe awu ʋlaya, si le eŋu la, tsɔ na Dawid hekpe ɖe eƒe aʋawu kple yi, dati kple alidziblanu ŋu.

5 Eye Dawid yia afisiafi, si Saul ɖoe ɖo, eye wòdze adaŋu; Saul tsɔe do aʋawɔlawo katã nu, eye eƒe nu nyo dukɔ blibo la kple Saul ƒe dɔlawo ŋu.

6 Esi wogbɔ tso Dawid ƒe Filistitɔa wuƒe la, nyɔnuwo tso Israel-duwo katã me le ha dzim hele ɣe ɖum va kpe fia Saul; wole axatsɛ ƒom, le aseye tsom, eye wole gakogoe ƒom.

7 Eye nyɔnuawo le ʋu ƒom hedo ha ɖa bena: Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane!

8 Tete dzi ku Saul ŋutɔ, eye nya la medze eŋu o, eye wògblɔ bena: Wotsɔ akpe nane na Dawid, ke nye la wotsɔ akpe nam; fiaɖuƒe la koe kpɔtɔ ne!

9 Tso gbemagbe dzi Saul va Dawid kpɔ ge ɖe ƒomevii.

10 Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dze Saul dzi, eye wòdze agbo le aƒea me; ke Dawid tsɔ eƒe asi ƒo saŋku abe tsã ene, eye Saul lé akplɔ ɖe asi.

11 Eye Saul da akplɔ la, be yeatɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu; ke Dawid de axa zi eve.

12 Azɔ Saul de asi Dawid vɔvɔ̃ me, elabena Yehowa li kplii; ke edzo le Saul ya gbɔ.

13 Eye Saul ɖee ɖa le eɖokui ŋu hetsɔ ɖo amegã ɖe ame akpe nu, eye wòdona dzea dukɔ la ŋgɔ gagbɔna kpli wo.

14 Dawid ƒe mɔwo katã dzea edzi, elabena Yehowa li kplii.

15 Esi Saul kpɔ be, nuwo dzea dzi nɛ ŋutɔ la, ede asi evɔvɔ̃ me.

16 Ke Israel blibo la kple Yuda lɔ̃a Dawid ƒe nya, elabena edona dzea wo ŋgɔ, eye wògagbɔna kpli wo.

17 Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Kpɔ ɖa, matsɔ vinyenyɔnu xoxoetɔ Merab na wò naɖe; nye kalẽtɔ nam ko, eye wɔ Yehowa ƒe aʋa wo! Ke Saul gblɔ be: Matsi ye si me o, boŋ netsi Filistitɔwo si me!

18 Dawid gblɔ na Saul bena: Ameka menye, ameka nɔvinyewo nye, eye nuka fofonye ƒe ƒome nye le Israel, ne mahayi fia ƒe to nye ge?

19 Ke esi ɣeyiɣi, si Saul le vianyɔnu Merab tsɔ ge na Dawid wòaɖe, ɖo dzi la, etsɔe na Mexolatɔ Adriel wòɖe.


Dawid ɖe Mixal.

20 Gake Saul ƒe vinyɔnu Mixal lɔ̃ Dawid ƒe nya; esi wova gblɔe na Saul la, ma la dze eŋu.

21 Tete Saul gblɔ bena: Matsɔe nɛ, ne wòatrɔ zu mɔ nɛ, eye Filistitɔwo ƒe asi natui! Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Xɔ evelia, ne nanye nye to egbe!

22 Eye Saul de se na eƒe dɔlawo bena: Miƒo nu kple Dawid le adza me be: Kpɔ ɖa, wò nu nyo fia ŋu, eye eƒe dɔlawo katã lɔ wò nya, eyata zu fia ƒe to!

23 Saul ƒe dɔlawo gblɔ nya siawo ɖe Dawid ƒe to me, eye Dawid gblɔ bena: Nu tsɛ wònye le mia ŋku me be, woazu fia ƒe toa? Ke nye la ame dahe menye, eye nyemele ɖeke me o.

24 Tete Saul ƒe dɔlawo va gblɔe ne bena: Ale kple ale Dawid gblɔ esi.

25 Eye Saul gblɔ be: Ale miagblɔ na Dawid enye si: Fia mele srɔ̃ɖenua ɖeke dim o, negbe Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ko, ne woabia hlɔ̃ fia ƒe futɔwo. Ke Saul bu be, yeana Dawid natsi Filistitɔwo si me.

26 Dɔlawo va to nya la na Dawid, eye nya la dze Dawid ŋu be, woazu fia ƒe to. Esi ŋkekeawo mekpɔ de haɖe o la,

27 Dawid kple eƒe amewo ho yi ɖawu ame alafa eve le Filistitɔwo dome, eye wotsɔ woƒe aʋanuyiwo vɛ na fia la wòde pɛpɛpɛ, bena ne woazu fia ƒe to. Tete Saul tsɔ vianyɔnu Mixal nɛ wòɖe.

28 Esi Saul kpɔ dze sii be, Yehowa li kple Dawid, eye Saul vinyɔnu Mixal lɔ̃a eƒe nya la,

29 Saul gavɔ Dawid ɖe dzi, eye wòlé bli ŋkekeawo katã.

30 Eye wòva me, ne Filistitɔwo ƒe amegãwo ho, eye zi geɖe alesi woho la, edzea dzi na Dawid wu Saul ƒe dɔlawo katã, eye eƒe ŋkɔ de du ŋutɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan