Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid yɔyɔ kple amisisi nɛ

1 Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.

2 Samuel do ŋu bena: Aleke mawɔ ate ŋui? Ne Saul see la, awum. Yehowa gblɔ bena: Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi, eye nagblɔ be: Vɔ sa ge meva na Yehowa.

3 Kpe Isai va vɔsa la gbɔ, eye mana nanya nusi nawɔ asi ami na amesi magblɔ na wò la nam!

4 Samuel wɔ, alesi Yehowa gblɔ nɛ la, eye wòva Betlexem. Tete dumegãwo ɖi vo, eye woyi ɖakpee gblɔ be: Ŋutifafa nèhe vɛa?

5 Eɖo ŋu bena: Ŋutifafae! Vɔ sa ge meva na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋu, ne miava vɔsa la gbɔ kplim! Eye wòkɔ Isai kple viawo ŋu hekpe wo va vɔsa la gbɔe.

6 Esi wova, eye wòkpɔ Eliab la, ebu bena: Eƒe amesiamina la enye si do ɖe Yehowa ŋku me vava!

7 Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.

8 Yehowa kpɔa keke dzi me ke. Tete Isai yɔ Abinadab, eye wòkplɔe to Samuel ŋku me, ke egblɔ be: Yehowa metia eya hã o.

9 Isai kplɔ Sama to eŋku me, ke egblɔ be: Yehowa metia eya hã o.

10 Ale Isai kplɔ via adreawo to Samuel ŋku me, gake Samuel gblɔ na Isai be: Yehowa metia woawo o.

11 Eye Samuel bia Isai bena: Ɖekakpuiawo vɔa? Eɖo ŋu bena: Ekpɔtɔ ɖevitɔ, kpɔ ɖa, eyi alẽkplɔƒe! Tete Samuel gblɔ na Isai bena: Dɔ ame woaɖakplɔe vɛ; elabena míayi nuɖugba nu o, vaseɖe esime wòava afisia hafi!

12 Tete wòdɔ ame woɖakplɔe vɛ; ebiã, eƒe ŋkuwo le hɔ̃e, eve wònye ame kpokploe. Eye Yehowa gblɔ be: Tso, nasi ami nɛ, elabena eyae!

13 Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Dawid ƒe kasaŋkuƒoƒo fa akɔ na Saul.

14 Ke Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le Saul dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃e ɖe tso Yehowa gbɔ va noa fu ɖem ne.

15 Eye Saul ƒe dolawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò.

16 Mía aƒetɔ ɖi nyaa ɖe gblɔ, wò dɔlawo nye si le ŋkuwò me, ne woaɖadi ŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo, eye ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò la, woatsɔ eƒe asi aƒo saŋkui, ne wòaka ɖe me na wò!

17 Saul ɖo ŋu na eƒe dolawo bena: Miyi ɖadi ŋutsu, si nya saŋkuƒoƒo nyuie la nam, eye mikplɔe va gbɔnye!

18 Tete ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpo ɖa, mekpɔ Betlexemtɔ Isai ƒe viŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo; enye kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.

19 Eye Saul do ame ɖo ɖe Isai gbɔ, be wòagblɔ nɛ bena: Ɖo viwò Dawid, si le alẽkplɔƒe la ɖem!

20 Tete Isai kple tedzi ɖeka, eye wòtsɔ abolo kple wein lãgbalẽgolo ɖeka kpa kple gbɔ̃vi ɖeka de via Dawid si ɖo ɖe Saul.

21 Ale Dawid va Saul gbɔ, eye wòtsi tre ɖe eŋku me, eƒe nu lé dzi nɛ ŋutɔ, eye wòtrɔ zu eƒe adekplɔvi.

22 Eye Saul ɖo ame ɖo ɖe Isai bena: Na Dawid nanɔ gbɔnye, elabena eƒe nu nyo ŋunye!

23 Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, Dawid tsoa eƒe asi ƒoa kasaŋku, eye edzi kana ɖena na Saul, ekana ɖe eme nɛ, eye gbagba vɔ̃ la dzona le edzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan