Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Saul ɖu Amalekitɔwo dzi, gake woɖee le zikpui dzi le eƒe tomaɖomaɖo ta.

1 Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Yehowae dom, be masi ami na wò, ne naɖu fia ɖe eƒe dukɔ Israel dzi. Eyata ɖo to Yehowa ƒe gbe!

2 Ate Yehowa Zebaot gblɔ esi: Meɖo ŋku nusi Amalek wo Israel la dzi, esi wode xa ɖe mo dzi nɛ, le esime woʋu tso Egipte.

3 Eyata yi, nasi Amalek, eye natsrɔ̃ eƒe nuwo katã gbidigbidi, megave enu o; ke boŋ wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple alẽwo, kposɔwo kple tedziwo siaa!

4 Tete Saul na woɖe gbe ƒã na dukɔ la, eye wòxlẽ wo le Telaim, afɔzɔlawo le ame akpe alafa eve, eye Yuda-ŋutsuwo le ame akpe ewo.

5 Eye Saul va! Amalekitɔwo ƒe du gbɔ, eye wòde xa de bali la me.

6 Eye Saul gblɔ na Kenitɔwo bena: Midzo, mite da, eye miho tso Amalekitɔwo dome, ne magatsrɔ̃ mi akpe ɖewo ŋuo; elabena mieve Israel-viwo katã nu, esi woʋu tso Egipte! Tete Kenitɔwo te ɖa tso Amalekitɔwo dome.

7 Eye Saul si Amalekitɔwo tso Xawila vaseɖe Sur, si le Egipte kasa.

8 Ele Amalekitɔwo ƒe fia Agag agbagbe, eye wòtsɔ yi tsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi.

9 Eye Saul kple dukɔ la kpɔ Agag kple alẽ nyuiwo, nyi damiwo kple alẽviwo kpakple nu nyuiwo katã ta, eye wometsrɔ̃ wo gbidigbidi o; ke wotsrɔ̃ nu ɖigbɔwo kple nu, siwo ŋu viɖea ɖeke mele o la gbidigbidi.

10 Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena:

11 Evem be, meɖo fia Saul, elabena etrɔ megbe ɖem, eye mewo nye gbe dzi o. Tete dzi ku Samuel, eye wòdo ɣli na Yehowa zã blibo la.

12 Eye Samuel fɔ ŋdi kanya, be yeayi aɖakpe Saul. Eye wogblɔ na Samuel bena: Saul va Karmel, eye wòli ŋkuɖodzinu ɖe afima, emegbe wòtrɔ yi Gilgal.

13 Esi Samuel va Saul gbɔ la, Saul gblɔ nɛ bena: Yehowa ayra wò! Mewo Yehowa ƒe gbe dzi.

14 Ke Samuel gblɔ bena: Alẽwo kple nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ ka nye esi le ɖiɖim ɖe to me nam mele sesem?

15 Saul ɖo ŋu bena: Amalekitɔwo gbɔ wokplɔ wo tsoe, elabena dukɔ la kpo alé kple nyi nyuiwo ta, be woatsɔ asa vo na Yehowa, wò Mawu la, ke mietsrɔ̃ kpɔtɔeawo gbidigbidi.

16 Tete Samuel gblɔ na Saul bena: Ɖo to gbɔ, ne magblɔ nya, si Yehowa to nam eto ƒe zã la na wò! Egblɔ be: Ƒo nu!

17 Samuel gblɔ be: Mele eme oa? Esi mèbu ɖokuiwò naneke o hã, mèzu Israel-toawo ƒe tatɔ oa? Eye Yehowa si ami na wò heɖo fia ɖe Israel nu.

18 Eye Yehowa dɔ wò ɖe nugbe gblɔ bena: Yi naɖatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔla, siwo nye Amalekitɔwo la gbidigbidi, eye nawɔ aʋa kpli wo, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo!

19 Nukaŋuti meɖo to Yehowa ƒe gbe o; edze aboyonuwo dzi, eye nèwɔ nu vlo le Yehowa ŋku me?

20 Saul ɖo ŋu na Samuel bena: Meɖo to Yehowa ƒe gbe tso, eye mede nusi gbe Yehowa dɔm ɖo la, nakplɔ Amalek-fia Agag ve, ke metsrɔ̃ Amalekitɔwo gbidigbidi.

21 Negbe dukɔ la koe ha alẽwo kple nyiwo, siwo nye busunuawo ƒe nyuitɔwo, be woatso asa va na Yehowa, wò Mawu la, le Gilgal.

22 Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami

23 Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ. Esi negbe Yehowa ƒe gbe la, eyata eya hã gbe wò be, magaɖu fia o.

24 Saul gblɔ na Samuel bena: Mewɔ nuvɔ̃ be, meda Yehowa ƒe se kple wò nyawo dzi; elabena ɖe mevɔ̃ dukɔ la, eyata mese woƒe gbe ɖo.

25 Eyata tso nye nuvɔ̃wo kem, eye nagbugbɔ kplim, ne made ta agu ɖe Yehowa ŋku me!

26 Samuel gblɔ na Saul bena; Nyemagbugbɔ kpli wò o; elabena ègbe Yehowa ƒe gbe, eye Yehowa hã gbe wò be, magaɖu fia ɖe Israel nu o.

27 Ke esi Samuel trɔ be, yeadzo la, ele eƒe awu ʋlaya toga, eye wòdze.

28 Tete Samuel gblɔ nɛ bena: Yehowa dze Israel-fiaɖuƒe la le asiwò egbe, eye wòtsɔe na hawòvi, si nyo wu wò.

29 Israel ƒe ŋusẽtɔ mekaa aʋatso o, eye metrɔa nya o, elabena menye ame wònye, ne wòatrɔ nya o.

30 Eye wògblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃; gake de bubu ŋunye fifia le nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo kple Israel ŋku me dzro, eye nagbugbɔ kplim, ne mayi aɖade ta agu de Yehowa, wò Mawu la ŋku me!

31 Tete Samuel gbugbɔ kple Saul ɖo, eye Saul de ta agu ɖe Yehowa ŋku me.

32 Eye Samuel gblɔ bena: Mikplɔ Amalek-fia Agag vɛ nam! Agag zɔ yi egbɔ kakaka, eye Agag gblɔ bena: Ku ƒe vevesese gɔ̃ hã bu!

33 Samuel gblɔ bena: Alesi wò yi ɖe viwo le nyɔnuwo ŋu la, nenema ke woaɖe viwo le dawò ŋu le nyɔnuwo dome! Eye Samuel dza Agag le Yehowa ŋku me le Gilgal.

34 Samuel dzo yi Rama, eye Saul yi eƒe xa nu le Saul ƒe Gibea.

35 Eye Samuel megakpɔ Saul kpɔ o vaseɖe eƒe kugbe; elabena Samuel xa nu le Saul ŋu, eye wòve Yehowa be, wòɖo fia Saul ɖe Israel nu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan