1 Samuel 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yonatan ƒe kalẽwɔwɔ. 1 Gbe ɖeka Saul vi Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi bena: Va míayi Filistitɔwo ƒe dzɔla, siwo le go keme dzi la gbɔ! Gake megblɔe na fofoa o. 2 Eye Saul bɔbɔ nɔ yevuboɖati te le Migron le Gibea godo, eye eƒe aʋakɔ, si le eŋu la, anɔ ame alafa ade. 3 Eye Axiya, Axitub vi, amesi nye Eli vi Pinexas ƒe vi, Ikabod nɔvi, nye Yehowa ƒe nunɔla le Silo, eye wòdo kɔmewu la. Ke aʋakɔ la menyae be, Yonatan dzo o. 4 Eye agakpe tsyɔƒu eve le to dzi mɔ, si to ge Yonatan ala ayi ɖe Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ la, ƒe goawo kple eve dzi. Agakpe ɖeka ŋkɔ nye Bozez, eye evelia ŋkɔ nye Sene. 5 Agakpe ɖeka dzɔ kã ɖe anyiehekpa dzi ɖo ta Mixmas, eye evelia le dziehekpa dzi ɖo ta Geba. 6 Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o! 7 Tete eƒe adekplɔvi ɖo ŋu nɛ bena: Wɔ nusianu, si le wò dzi me; yi, kpɔ ɖa, mele ŋuwò, abe alesi nedi ene! 8 Eye Yonatan gblɔ bena: Kpɔ ɖa, míeyina ameawo gbɔ, eye wole mía kpɔ ge. 9 Ne wogblɔ na mi bena: mitɔ, vaseɖe esime míava mia gbɔ la, ekema miatɔ ɖe mía teƒe, eye miaɖe zɔ ayi wo gbɔ o. 10 Ke ne wogblɔ na mí bena: Miva mía gbɔ la, ekema míayi; elabena Yehowa tsɔ wo de asi na mí! Esia anye míaƒe dzesi! 11 Eye Filistitɔwo ƒe dzɔlawo kpɔ woa kple evea. Tete Filistitɔwo gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Hebritɔwo do tso do, siwo me woɣla ɖo la me. 12 Eye ŋutsu, siwo nye dzɔlawo, ɖo gbe Yonatan kple eƒe adekplɔvi bena: Miva mía gbɔ, ne miagblɔ nyaa ɖe na mi! Tete Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi bena: Dze yonyeme, elabena Yehowa tsɔ wo ɖe asi na Israel! 13 Yonatan ta asi kple afɔ, eye eƒe adekplɔvi la le eyome; Yonatan ƒo wo ƒu anyi, eye eƒe adekplɔvi wu wo le eyome. 14 Amesiwo Yonatan kple eƒe adekplɔvi wu gbã la, anɔ ame blave, woƒe nuwɔƒe anɔ abe nyi eve ƒe ŋkeke afã gbleŋɔŋlɔ ene. 15 Eye ŋɔdzi ɖo asaɖa la kple gbeadzi kpakple aʋakɔ blibo la; dzidzi ƒo dzɔlawo kple afunyilawo, eye anyigba ʋuʋu, elabe ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ. 16 Eye Saul ƒe gbetasrãla, siwo le Gibea-Benyamin la, kpɔ bena, amehaa ɖewo le du ƒum tso afi yi afi. 17 Tete Saul gblɔ na aʋakɔ, si le eŋu la bena: Mixlẽ ameawo, ne míakpɔ amesi dzo le mía dome! Eye esi woxlẽ wo la, kpɔ ɖa, Yonatan kple eƒe adekplɔvi meli o. 18 Eye Saul gblɔ na Axiya bena: Tsɔ Mawu ƒe aɖaka la vɛ! Elabena Mawu ƒe aɖaka la le Israel-viwo gbɔ ɣemaɣi. 19 Esi Saul le nu ƒom kple nunɔla, eye ɣli, si le ɖiɖim le Filistitɔwo ƒe asaɖa me, nu le sesẽm ɖe dzi la, Saul gblɔ na nunɔla la bena Nenɔ anyi ko! 20 Eye Saul kple aʋakɔ blibo, si le eŋu la, kpe ta heyi aʋa la nu, eye kpɔ ɖa, wotɔtɔ nyamanyama, eye amesiame ɖi yi ɖe nɔvia ŋu. 21 Hebritɔ, siwo nɔ Filistitɔwo gbɔ tsã, eye woho va asaɖa me kpli wo la, hã dzo va ɖe Israel, si le Saul kple Yonatan ŋu la dzi. 22 Eye Israel-ŋutsu, siwo katã ɣla wo ɖokui ɖe Efrayim-to dzi la, se be, Filistitɔwo si, eye woawo hã ti wo yome va aʋa la nu. 23 Ale Yehowa ɖe Israel gbemagbe, eye aʋa la gbɔ Bet-Awen ŋu. Saul ʋã ŋu dzodzro. 24 Ke ɖeɖi te Israel-ŋutsuwo ŋu gbemagbe, eye Saul ka atam na dukɔ la bena: Aɖi amesi aɖu nu, hafi fiẽ naɖo la ŋu, vaseɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo hafi! Eye aʋakɔ blibo la mede naneke nu me o. 25 Dukɔ blibo la va ɖo ave me, eye anyitsi le aʋagbea dzi. 26 Eye esi dukɔ la va avee me la, kpɔ ɖa, anyitsi le sisim; gake amea ɖeke metɔ asi eme de nu me o, elabena dukɔ la le atam la vɔ̃m. 27 Ke Yonatan mese be, fofoa ka atam na dukɔ la o, eye wòdo atikplɔ, si le esi la, ɖa tso enu to anyiɖaɖa la me hede nu me, enumake eƒe mo ko. 28 Tete amea ɖe gblɔ le dukɔa dome ɖa bena: Fofowò ka atam na dukɔ la be: Aɖi amesi aɖu nu egbea la ŋu! Eva ɖeɖi te dukɔ la ŋu hafi. 29 Yonatan gblɔ bena: Fofonye he dzɔgbevɔ̃e va anyigba la dzi; kpo ɖa esi meɖe anyitsi ʋee sia nu me la, nye mo kɔ. 30 De wònye aʋakɔ la ɖe woɖu aboyonu, si wòxɔ le eƒe futɔwo si la, anye ne wometsrɔ̃ Filistitowo geɖe oa? 31 Eye wòsi Filistitɔwo gbemagbe tso Mixmas vaseɖe Ayalon, eye nu te dukɔ la ŋu ŋutɔ. 32 Eye aʋakɔ la dze aboyonuawo dzi, wòlé alẽwo, nyiwo kple nyiviwo hetso ʋu wo ɖe anyigba, eye aʋakɔ la ɖu lã, si ƒo ʋu. 33 Eye wova gblɔe na Saul bena: Kpɔ ɖa, aʋakɔ la wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu heɖu lã, si ƒo ʋu! Tete wogblɔ bena: Mieda ƒu; numli kpe gãa ɖe vɛ nam fififi! 34 Eye Saul gagblɔ bena: Mikaka ɖe aʋakɔ la dome, ne miagblɔ na wo bena: Mia dome amesiame nekplɔ eƒe nyi kple eƒe alẽ vɛ, miwu wo ɖe afisia, ne miaɖu, eye migawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu ahaɖu lã, si ƒo ʋu o! Tete aʋakɔ blibo la dome amesiame kplɔ eƒe nyi ɖe asi yi le zã ma me, eye wowu wo le afima. 35 Eye Saul ɖi vɔsamlekpui na Yehowa; esia nye vɔsamlekpui gbãtɔ, si wòɖi na Yehowa. 36 Eye Saul gblɔ bena: Mina míaho ati Filistitɔwo yome le zã me, ne miaha wo vaseɖe ŋu ƒe keke me, eye miana wo dometɔa ɖeke nakpɔtɔ o! Tete woɖo ŋu bena: Wɔ nusianu, si dze ŋuwò! Eye nunɔla gblɔ bena: Mina míate ɖe Mawu ŋu afi! 37 Eye Saul bia nu Mawu se bena: Maho dze Filistitɔwo yomea? Atsɔ wo ade asi na Israel mahã? Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ gbemagbe o. 38 Tete Saul gblɔ bena: Mi dukɔ la ƒe tatɔwo katã, mite va afi, ne miadze sii egbe, eye míakpɔ amesi wɔ nuvɔ̃ sia! 39 Mefa Yehowa, si xɔ na Israel, ƒe agbe be, ne anye vinye Yonatan ye hã, ele be, woaku! Gake amea ɖeke meɖo ŋu nɛ le dukɔ la dome o. 40 Eye wògblɔ na Israel blibo la bena: Miɖo ɖe akpa ɖeka, eye mía kple vinye Yonatan mianɔ akpa evelia! Dukɔ la ɖo ŋu na Saul bena: Wɔ nusianu, si dze ŋuwò! 41 Eye Saul gblɔ na Yehowa bena: Israel ƒe Mawu, ɖe nyateƒe ɖe go! Tete nudzidze la lé Yonatan kple Saul; ke dukɔ la to le eme. 42 Eye Saul gblɔ be: Midzidze nu ɖe mia kple vinye Yonatan dzi! Tete nudzidze la lé Yonatan. 43 Eye Saul gblɔ na Yonatan bena: Gblɔe nam, nuka nèwɔ? Yonatan gblɔ ne bena: Metsɔ atikplɔ, si le asinye la nu ɖɔ anyitsi viaɖe kpɔ. Nyee nye si, maku! 44 Eye Saul gblɔ be: Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe dzi. Yonatan, ele be, naku! 45 Gake dukɔ la gblɔ na Saul bena: Ɖe Yonatan, amesi du dzi gã sia le Israel la, akua? Esia nede megbe xaa! Mieta Yehowa ƒe agbe be, taɖaa ɖeke mage tso eƒe ta ɖe anyigba o; elabena Mawue na be, wowu nusia egbea! Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu, be meku o. 46 Eye Saul gbugbɔ le Filistitowo yome, eye Filistitowo yi wo nɔƒe. Saul ƒe mawo kpakple eƒe aƒe. 47 Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi. 48 Ewo kalẽ, eye wòsi Amalekitɔwo, eye wòɖe Israel tso amesiwo da adzo wo la si me. 49 Saul viŋutsuwo nye: Yonatan, Yiswi kple Malkisua, eye vianyɔnu eveawo ƒe ŋkɔwo nye; xoxoetɔ ŋkɔ nye Merab, eye ɖevitɔ ŋkɔ nye Mixal. 50 Saul srɔ̃ ŋkɔ nye Axinoam, Aximaaz vinyɔnu; eye eƒe aʋafia ŋkɔ nye Abner, Saul tɔɖia Ner ƒe vi. 51 Saul fofo Kis kple Abner fofo Ner wonye Abiel viwo. 52 Eye Saul wo aʋa kple Filistitowo vevie le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. Ne Saul nya kpo ŋutsu kakoa ɖe alo kalẽtɔa ɖe ko la, ekplɔnɛ ɖe eɖokui ŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana