Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yonatan ɖu Filistitɔwo dzi. Samuel ka ŋku me na Saul.

1 Saul ɖu fia ƒe ɖeka, eye esi wòle fia ɖum de Israel dzi le ƒe evelia me la,

2 Saul tia ame akpe etɔ̃ tso Israel. Ame akpe eve le Saul ŋu le Mixmas kple Betel-to dzi, eye ame akpe ɖeka le Yonatan ŋu le Gibea-Benyamin; ke eɖe asi le dukɔ la ƒe ame mamleawo ŋu, amesiame yi eƒe agbadɔ me.

3 Eye Yonatan si Filistitɔwo ƒe dzɔla, siwo le Geba, eye Filistitɔwo see. Tete Saul na woku kpẽ le anyigba blibo la katã dzi, bena Hebritɔwo nasee.

4 Eye Israel blibo la se bena, Saul si Filistitɔwo ƒe dzɔlawo, eye Israel-viwo ƒe nya gblẽ le Filistitɔwo gbɔ. Tete woyɔ dukɔ la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal.

5 Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.

6 Esi Israel-ŋutsuwo kpɔ be, woɖo hiã me, eye dukɔ la ɖo xaxa me la, woɣla ɖe dowo kple ŋuvegoewo, agadowo, mɔwo kple ʋewo me.

7 Eye Hebritɔwo tso Yordan yi Gad-nyigba kple Gilead-nyigba dzi; ke Saul gale Gilgal ke, eye dukɔ blibo la le dzodzom nyanyanya le eyome.

8 Eye wolala ŋkeke adre, si Samuel ɖo; ke Samuel meva Gilgal o. Tete dukɔ la kaka le eŋu.

9 Eye Saul gblɔ bena: Mihe numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ! Eye wosa numevɔ.

10 Esi wosa numevɔ vɔ la, tete Samuel do, eye Saul yi ɖakpee, be yeado gbe nɛ.

11 Ke Samuel gblɔ bena: Nuka nèwɔ? Saul ɖo ŋu bena: Esi mekpɔ be, dukɔ la kaka le ŋunye, wò hã mèva le ɣeyiɣi la dzi o, eye Filistitɔwo va kpe ta ɖe Mixmas la,

12 tete mebu be, Filistitɔwo le gbɔnye va ge le Gilgal, evɔ nyemekpɔ ƒo koko na Yehowa haɖe o; eyata mezi ɖokuinye dzi hesa numevɔ.

13 Samuel gblɔ na Saul bena: Ewo bometsinu! Ɖe wònye ɖe nèlé Yehowa, wò Mawu ƒe se, si wòde na wò me ɖe asi la, anye ne Yehowa ana wò fiaɖuɖu nali ke ɖe Israel tegbee.

14 Ke azɔ wò fiaɖuɖu mali ke o. Yehowa ɖi ŋutsu bubu, si dze eŋu, na eɖokui, eye Yehowa tsɔe ɖo fia ɖe eƒe dukɔ nu; elabena melé se, si Yehowa de na wò la me ɖe asi o.


Aʋa yeye.

15 Tete Samuel dze mo tso Gilgal yi Gibea-Benyamin. Ke Saul xlẽ dukɔ, si tsi eŋu la, wole ame alafa ade.

16 Eye Saul kple via Yonatan kpakple dukɔ, si tsi eŋu la, ƒu asaɖa anyi ɖe Geba-Benyamin, eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas.

17 Eye aʋalɔgo etɔ̃ tso Filistitowo ƒe asaɖa me, be woaɖanyi afu. Aʋalɔgo ɖeka trɔ to Ofra-mɔ dzi ɖo ta Saul-nyigba dzi.

18 Aʋalɔgo evelia trɔ to Bet-Xoron-mɔ, eye aʋalɔgo etɔ̃lia trɔ to liƒo, si ho gɔ̃ ɖe Zeboim-bali me ɖo ta gbedzi la gbɔ mɔ.

19 Ke nutulaa ɖeke mele Israel-nyigba blibo la dzi o; elabena Filistitɔwo bu be, Hebritɔwo ava tu yi kple akplɔ na wo ɖokui.

20 Eye Israel blibo la dome amesiame yia Filistitowo gbɔ ɖatea woƒe agblenuwo, hɛ gobɛwo, akplɔ nuevee, fiawo kple nutɔnuiwo.

21 Eye woƒe hɛ gobɛwo, gaflowo, fiawo kple nutɔnuawo nu tsi kpo.

22 Esi aʋakpegbe ɖo la, womekpɔ yi alo akplɔ le dukɔ blibo, si le Saul kple Yonatan ŋu la si o, negbe Saul kple via Yonatan si ko wole.

23 Eye Filistitɔwo ƒe dzɔlaa ɖewo to Mixmas ƒe to dzi mɔ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan