Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Samuel ɖe asi to eƒe ʋɔnudrɔ̃dɔ ŋuti.

1 Eye Samuel gblɔ na Israel blibo la bena: Kpɔ ɖa, meɖo to miaƒe gbe le nusiwo katã miegblɔ nam la me, eye meɖo fia ɖe mia nu.

2 Azɔ fia la adze mia ŋgɔ. Ke nye la metsi, meƒo wɔ, eye vinyewo le mia dome; gake mezɔ mia ŋgɔ tso nye ɖekakpuime vaseɖe egbe.

3 Nyee nye si, miɖi ɖase le ŋunye le Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋku me! Ameka ƒe nyitsu mexɔ, eye ameka ƒe tedzi mexɔ? Ameka ŋu mese ŋuta le, ameka mete ɖe anyi, eye ameka si mexɔ zãnu le hemiã ŋku ɖe edzi? Ne maɖo teƒe na mi!?

4 Woɖo ŋu bena: Mèsẽ ŋuta le amea ɖeke ŋu o, mate amea ɖeke ɖe anyi o, eye mèxɔa naneke le amea ɖeke si o.

5 Eye wògblɔ na wo bena: Yehowa kple eƒe amesiamina la wonye ɖasefo na mi egbe sia be, miekpɔ miaƒe naneke le asinye o. Woɖo ŋu bena: Eya nye ɖasefo!

6 Tete Samuel gblɔ na dukɔ la bena: Eya nye Yehowa, si wɔ Mose kple Aron, eye wòkplɔ mia fofowo tso Egipte-nyigba dzi.

7 Eyata miva ɖo, ne maɖe dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ na mia kple mia fofowo la me na mi le Yehowa ŋku me!

8 Esi Yakob va Egipte la, mia fofowo ɖo ɣli na Yehowa, eye Yehowa ɖɔ Mose kple Aron ɖa wokplɔ mia fofowo tso Egipte, eye wona nɔƒe wo ɖe teƒe sia.

9 Ke woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be; eyata wotsɔ wo dzra na Xazortɔwo ƒe aʋafia Sisera kple Filistitɔwo kpakple Moab-fia, eye wowɔ aʋa kpli wo.

10 Eye wodo ɣli yɔ Yehowa gblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, elabena miegblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baalwo kple Astartewo; azɔ ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, ekema miasubɔ wò!

11 Tete Yehowa ɖɔ Yerub-Baal, Bedan, Yefta kple Samuel ɖa, eye woɖe mi tso miaƒe futɔ, siwo li godoo va kpe la si me, eye miele ablɔɖenyi.

12 Ke esi miekpɔ be, Amon-viwo ƒe fia Nabas ho ɖe nua ŋu la, miegblɔ nam bena: Ɖabi, fia boŋ neɖu mia dzi! Evɔ wònye Yehowae nye mia Mawu kple miaƒe fia hafi

13 Azɔ miaƒe fia, si mietia, eye miebia la, enye si! Kpɔ ɖa. Yehowa ɖo haɖe mia nu.

14 Ne mieva Yehowa, eye míesubɔe, mieɖo to eƒe gbe, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu o, eve mia kple miaƒe tia, si le mia dzi ɖu ge, miadze Yehowa, mia Mawu la yome la, ekema aɖe mi.

15 Ke ne mieɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu la, ekema Yehowa ƒe asi ava mia dzi, abe alesi wòva mia fofowo dzi ene.

16 Ke mite va fifia hã, ne míakpɔ nu gã, si wɔ ge Yehowa ala le nua ŋku me!

17 Alo menye fifi enye luŋeɣi oa? Ke mele Yehowa yɔ ge, eye wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza, ne miadze sii, eye míakpɔe bena, miaƒe nu vlo, si miewɔ le Yehowa ŋku me hebia fia la, tri akɔ.

18 Eye Samuel yɔ Yehowa, tete Yehowa na dzi ɖe gbe, eye tsi dza gbemagbe. Eye dukɔ blibo la vɔ Yehowa kple Samuel ŋutɔ.

19 Eye dukɔ blibo la gblɔ na Samuel bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe wò dɔlawo ta, ne míagaku o! Elabena miewɔ nu vlo hetsɔ ƒu míaƒe nuvowo katã dzi be, miebia fia.

20 Eye Samuel gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o! Mienyã wɔ nu vlo siawo katã hafi, gake ɖeko migate ɖa le Yehowa ŋu o, eye misubɔ Yehowa tso miaƒe dzi blibo me!

21 Migate ɖa, ne miadze nu dzodzro, siwo me viɖe mele o, eye womate ŋu aɖe mi o la yome o; elabena nu dzodzrowo wonye!

22 Elabena Yehowa maɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o le eƒe ŋkɔ gã la ta; elabena edze egɔme, be wòawɔ mi mianye dukɔ nɛ.

23 Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!

24 Ɖeko mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe nyateƒetɔe tso miaƒe dzi blibo me, elabena miekpɔ nu gã, si wòwɔ na mi!

25 Ke ne miewɔ nu vlo la, ekema atsrɔ̃ mia kple miaƒe fia siaa ɖa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan