Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Samuel 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Saul ɖu Amoritɔwo dzi zi gbãtɔ, ewɔ kalẽ ɖe vlodolawo ŋu, eye womè nu le Gilgal.

1 Emegbe Amonitɔ Nahas ho va de to de Yabes-Gilead. Tete Yabes-ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas bena: Bia nu kpli mí, ekema miasubɔ wò!

2 Ke Amonitɔ Nahas ɖo ŋu na wo bena: Hafi mabia nu kpli mi la, ele be, maŋɔ ɖusi me ŋku na mia dome amesiame, ne mado ŋukpe Israel blibo la!

3 Tete Yabes-ame tsitsiwo gblɔ nɛ bena: Na asinu mí ŋkeke adre, ne miadɔ ame aɖo ɖe Israel-nyigba blibo la dzi, eye ne amea ɖeke meva xɔ na mí o la, ekema míado ava gbɔwò.

4 Eye ame dɔdɔwo va Saul ƒe Gibea hegblɔ nyawo ɖe dukɔ la ƒe to me; tete dukɔ blibo la fa avi kple ɣli.

5 Ke Saul le nyiwo yome tso agble gbɔ. Tete Saul gblɔ bena: Nuka le dukɔ la wɔm wòle avi fam? Eye wòto Yabes-ŋutsuawo ƒe nyawo nɛ.

6 Esi Saul se nya siawo la, Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye dzi kui vevie ŋutɔ.

7 Enumake wòlé nyi eve heɖi, eye wòtsɔ wo ɖe amewo si ɖo ɖe Israel-nyigba blibo la dzi gblɔ bena: Ale woawɔ amesi metso dze Saul kple Samuel yome o la, ƒe nyiwo enye si! Tete Yehowa ƒe ŋɔdzi lé dukɔ la, eye woho zi ɖeka.

8 Eye woxlẽ wo le Besek: Israel-viwo le ame akpe alafa etɔ̃, eye Yuda-ŋutsuwo le ame akpe blaetɔ̃.

9 Azɔ wògblɔ na ame dɔdɔ, siwo va la bena: Miyi ɖagblɔ na Yabes-Gileadtɔwo bena: Etsɔ ŋdɔ la woaxɔ na mi! Eye esi ame dɔdɔwo va gblɔe na Yabestɔwo la, dzi dzɔ wo.

10 Eye Yabestɔwo gblɔ bena: Etsɔ la míado ava mia gbɔ, ne miawo nusianu, si dze mia ŋu la, ɖe mía ŋu.

11 Esi ŋu ke la, Saul mã dukɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ me, eye wova dze asaɖa la dzi le ŋdi ŋudzɔɣi hewu Amonitɔwo vaseɖe ŋdɔ. Ke amesiwo kpɔtɔ la, ka hlẽ, ale be wo dome ame eve metsi afi ɖeka o.

12 Emegbe dukɔ la gblɔ na Samuel bena: Amekawo gblɔ be: Saul hãe aɖu fia ɖe mía dzia? Mikplɔ ameawo de asi, ne míawu!

13 Ke Saul gblɔ bena: Womawu amea ɖeke le egbe ŋkeke sia dzi o, elabena egbe Yehowa na dziɖuɖu le Israel!

14 Eye Samuel gblɔ na dukɔ la bena: Miva míayi Gilgal, ne míakɔ fiaɖuɖu la ŋu le afima!

15 Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, woɖo fia Saul le afima le Yehowa ŋku me le Gilgal, eye wosa akpedavɔ le afima le Yehowa ŋku me. Eye Saul kple Israel-ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le afima.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan