1 Samuel 1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Xana ƒe gbedodoɖa kple Mawu ƒe toɖoɖoe. 1 Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ. 2 Eɖe srɔ̃ eve, ɖeka ŋkɔ nye Xana, eye evelia ŋkɔ nye Penina; Penina dzi vi, ke Xana medzi via ɖeke o. 3 Eye ŋutsu sia tsoa eƒe ɖu me ƒe sia ƒe yina ɖadoa gbe ɖa, eye wòasa vɔ na Yehowa Zebaot le Silo, afisi Eli ƒe viŋutsu eveawo Xofni kple Pinexas wonye nunɔla na Yehowa le. 4 Gbesigbe Elkana sa vo la, emãa lã na srɔ̃ Penina kple viaŋutsuwo kpakple vianyɔnuwo. 5 Ke ena lã Xana ɖe ame eve nu, elabena elɔ̃ Xana, evɔ wònye Yehowa tsi eƒe dɔ nu hafi. 6 Eye atsusia tsɔ dzikunyawo gbã dzi nɛ, le esi Yehowa tsi eƒe dɔ nu ta. 7 Alea wòwɔna ƒe sia ƒe, eye godogodo, ne wova Yehowa ƒe me la, edoa dziku nɛ, ale be wòlea avi me, eye wòdoa kpo nuɖuɖu. 8 Tete srɔ̃a Elkana gblɔ nɛ bena: Xana, nuka le wowòm nele avi fam, eye nukaŋuti nègbe nuɖuɖu, eye wò dzi le nu xam? Ɖe nyemede ŋutsuvi ewo nu na wò oa? 9 Eye esi Xana du nu no nu le Silo vɔ la, etsi tre yi Yehowa ŋku me. Eye nunɔla Eli bɔbɔ nɔ atiklã dzi le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru nu. 10 Eye wòle nu xam vevie, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa hele avi fam hehehe. 11 Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o! 12 Eye esi wòle gbe dom ɖa le Yehowa ŋku me eteƒe didi la. Eli lé ŋku de eƒe nu ŋu. 13 Ke Xana le nu ƒom le dzi me, negbe eƒe nuyiwo koe le ʋaʋãm butubutu, eye eƒe gbe mele dzi dem o: eyata Eli bui ahamulae. 14 Eye Eli gblɔ nɛ bena: Ɣekaɣi namu aha ase do? Na wein la nakɔ le mo na wò! 15 Xana do ŋu gblɔ bena: Gbeɖe, nye aƒetɔ, nyɔnu nuxala menye, nyemeno wein alo aha muamea ɖeke o: ke boŋ nye dzimenyawoe meɖe ɖe go le Yehowa ŋku me. 16 Megabu wò dɔlanyɔnu ame ɖigbɔe o, nye hiãwo kple nuxaxawo ŋu meƒo nu le vaseɖe fifi! 17 Tete Eli gblɔ bena: Yi le ŋutifafa me, Israel ƒe Mawu la awɔ nusi nèbiae la na wò! 18 Eɖo ŋu bena: Ne ève wò dɔlanyɔnu nu ko! Emegbe nyɔnu la lé eƒe mɔ, eye woɖu nu, eye megato mo azɔ o. 19 Eye wòfɔ ŋdi kanya ɖado gbe ɖa le Yehowa ŋku me, emegbe wotrɔ yi woƒe xɔ nu le Rama. Eye Elkana do srɔ̃ Xana gbɔ, eye Yehowa ɖo ŋku edzi. Samuel dzidzi kple etsɔtsɔ yi Mawu ƒe aƒe me. 20 Esi ƒe trɔ la, Xana fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Samuel, elabena egblɔ be: Yehowa si me mebiae le. 21 Eye Elkana kple eƒemetɔwo katã yi, bena wòasa ƒevɔ, eye wòawɔ eƒe adzɔgbeɖeɖewo dzi na Yehowa. 22 Ke Xana ya meyi o, elabena egblɔ na srɔ̃ bena: Ne ɖevi la ɖi no la, ekema makplɔe ayii, be wòado ɖe Yehowa ŋku me, eye woatsi afima ɖaa. 23 Tete srɔ̃a Elkana gblɔ nɛ bena: Wɔ alesi dze ŋuwò, tsi anyi, vaseɖe esime naɖee le no nu! Yehowa nena wò nya nava me ko! Ale nyɔnu la tsi aƒe, eye wòna no via, vaseɖe esime woɖee le no nu. 24 Eye esi woɖee le no nu la, ekplɔe ɖe asi, eye wòlé nyi, si xɔ ƒe etɔ̃, kpe ɖe wɔ efa ɖeka kpakple wein lãgbalẽgolo ɖeka ŋu heyi. Eye Xana kple ɖevi la wova Yehowa ƒe me le Silo. 25 Wowu nyi la, eye wòkplɔ ɖevi la yi na Eli. 26 Eye wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, taflatse! Nye aƒetɔ, meta wò siaa! Nyee nye nyɔnu, si tsi tre ɖe gbɔwò le teƒe sia ɖo gbe ɖa na Yehowa. 27 Ɖevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa na nusi mebiae la, va me nam. 28 Eyata mekplɔe ve na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena Yehowa si me wobiae le. Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa le afima. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana