1 Mose 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Sedede na Noa ƒe dzidzimeviwo. 1 Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi! 2 Metsɔ anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, kple tɔmelãwo katã de asi na mi, eye mianye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi na wo. 3 Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenema nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene. 4 Hafi lã, si ʋu tsi lã me na la, migaɖui o! 5 Ke mia ŋutɔwo miaƒe ʋu la, mabiae le lãwo kple amewo siaa si, mabia amesiame ƒe agbe le nɔvia si. 6 Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo. 7 Ke miawo la midzi, ne miasɔ gbɔ, miʋã mia ɖokui le anyigba dzi, eye mikeke ta ɖe edzi! Nubabla kple anyieʋɔ. 8 Eye Mawu gblɔ na Noa kple viaŋutsuawo bena: 9 Kpɔ ɖa, mebia nu kpli mi kple míaƒe dzidzimeviwo 10 kpakple nu gbagbe, siwo katã le mia gbɔ, xe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã, esiwo le mia gbɔ, kple anyigba dzi lãwo tsyo ƒomevi, siwo do go le aɖakaʋu la me. 11 Mebia nu kpli mi bena, nyemagatsrɔ̃ ŋutilã sia ŋutilã kple tsiɖɔɖɔ o; tsi magaɖe anyigba agblẽ nu le edzi akpɔ o. 12 Eye Mawu gblɔ bena: Esia enye nubabla, si meɖo anyi le mía kple miawo kple nu gbagbe, siwo katã le mia gbɔ la dome hena dzidzimeawo katã tegbetegbe la ƒe dzesi. 13 Meɖo nye anyieʋɔ ɖe alilikpowo ŋu, bena wòanye nubabla, si le mía kple anyigba dome la ƒe dzesi. 14 Eye ava me bena, ne mele ƒu ƒom alilikpowo le dziƒo, eye anyieʋɔ ɖi ɖe alilikpoawo ŋu lã, 15 ekema maɖo ŋku nye nubabla, si mebia kpli mi kpakple ŋutilã sia ŋutilã, siwo me agbegbɔgbɔ le la dzi, eye tsi magaɖɔ aɖe anyigba la bena, nu gbagbewo katã natsrɔ̃ o. 16 Eyata ne anyieʋɔ do ɖe alilikpowo ŋu la, makpɔe ahaɖo ŋku nubabla, si le Mawu kple ŋutilã, siwo katã me agbegbɔgbɔ le le anyigba dzi dome la dzi tegbee. 17 Eye Mawu gblɔ na Noa bena: Esia enye nubabla, si meɖo anyi le mia kple ŋutilã, siwo katã le anyigba dzi dome la ƒe dzesi. 18 Noa ƒe viŋutsu, siwo do go le aɖakaʋua me la, woawo nye: Sem, Xam kple Yafet; Xam sia enye Kanaan fofo. 19 Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã dzo tso hekaka ɖe anyigba blibo la katã dzi. Noa ƒo fi de Kanaan. 20 Eye Noa de asi agbledede me, eye wòde weingblea ɖe. 21 Ke esi wòno wein mu la, eɖe ama ɖe eƒe agbadɔ me. 22 Eye Xam, Kanaan fofo, kpɔ fofoa ƒe ama, eye wòɖagblɔe na nɔvia eveawo le xexe. 23 Tete Sem kple Yafet tsɔ avɔ lé ɖe abɔta hezɔ megbemegbee, eye wotsyɔe na wo fofo, eye wometrɔ kɔ kpɔ wo fofo ƒe ama o. 24 Ke esi aha la kɔ le mo na Noa, eye wòse nusi via ɖevitɔ wɔ ɖe eŋu la, 25 egblɔ bena: Woaƒo fi ade Kanaan, kluviwo ƒe kluvi wòanye na nɔviawo! 26 Eye wògagblɔbena: Woakafu Yehowa, Sem ƒe Mawu; eye Kanaan anye kluvi na wo! 27 Mawu ana be, Yafet ƒe nɔƒe nakeke ɖe nu, eye wòano Sem ƒe agbadɔwo me; eye Kanaan anye kluvi na wo! 28 Eye le tsiɖɔɖɔ la megbe la Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ kple blaatɔ̃, eye Noa ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaatɔ̃, eye wòku. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana