Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Tsiɖɔɖɔ wu nu.

1 Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.

2 Eye anyigbatu me tsiwo nu tso, eye dziƒo nu tu; ale wɔ tsi la ke.

3 Eye tsia le miemiem le anyigba la dzi ʋeʋeʋe. Edze miemie gɔme le ŋkeke alafa ɖeka kple blaatɔ̃ megbe.

4 Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi aɖakaʋu la va xa ɖe Ararat-towo dometɔ ɖeka ta me.

5 Eye tsia le miemiem ʋeʋeʋe vaseɖe ɣleti ewolia dzi; le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi towo ƒe tagbɔ dze.

6 Le ŋkeke blane megbe la Noa ʋu aɖakaʋua ƒe fesre, si wòwɔ la.

7 Eye wòʋu nu le akpaviãa ɖe nu ɖo ɖa, eye wòle dzodzom tso afi yi afi, vaseɖe esime tsia mie le anyigba dzi vo.

8 Tete wòʋu nu le ahɔnea ɖe nu ɖo ɖa, ne yeakpɔ bena, tsia mie vo le anyigba blibo la katã dzi hã?

9 Ke esi ahɔne la mekpɔ afisi wòadze ɖo o la, egatrɔ va egbɔ le aɖakaʋu la me, elabena tsi le anyigba blibo la katã dzi, eye wòdo asi ɖa lée de aɖakaʋu la me.

10 Emegbe wòlala ŋkeke adre, eye wòʋu nu le ahɔnea nu le aɖakaʋu la me.

11 Eye ahɔne la va egbɔ le fiẽ me, eye kpɔ ɖa, amitiɖɔmee le enu. Azɔ Noa dze sii bena, tsia mie le anyigba dzi.

12 Eye wògalala ŋkeke adre bubu, eye wògaʋu nu le ahɔnea nu, ke megado va egbɔ o.

13 Le ƒe alafa ade kple ɖeka me le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi tsia mie le anyigba dzi. Eye Noa fo aɖakaʋu la tame ɖa, eye wotsa ŋku, eye kpɔ ɖa, anyigba dzi ƒu.

14 Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke blave vɔ adrelia dzi anyigba dzi ƒu keŋkeŋ.


Noa me nu na Mawu.

15 Eye Mawu ƒo nu kple Noa gblɔ bena:

16 Do go le aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple srɔ̃wo kple viwòŋutsuwo hekpe ɖe viwòŋutsuawo srɔ̃wo ŋuti!

17 Lã vovovo, siwo katã le gbɔwò; xe dzodzoewo kple aƒemelãwo kpakple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi la, nado go kpakpli wò, ne woaʋã wo ɖokui le anyigba dzi, eye wòadzi asɔ gbɔ le anyigba dzi!

18 Tete Noa do go, eye viaŋutsuwo kple srɔ̃a kpakple viaŋutsuawo srɔ̃wo hã kpe ɖe eŋuti.

19 Lãwo katã, nu tata wo katã kple xe dzodzoewo katã kpakple nusi wo katã zɔna le anyigba dzi la, wodo go le aɖakaʋu la me hamehame.

20 Tete Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòtsɔ lã matsrimatsriwo kple xe matsrimatsriwo ƒe ɖewo na Yehowa hemè wo le vɔsamlekpui la dzi.


Yehowa ƒe ŋugbedodo.

21 Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.

22 Tso esia dzi, ŋkeke alesi anyigba li la, nuƒaƒã kple nuŋeŋe, viwo kple fifia, dzomeŋɔli kple pepi, ŋkeke kple zã nu matsi o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan